Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
1. Ɣekaɣie míadze Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? sɔsrɔ̃ gɔme, eye aleke esia aɖe vi na míi?
1 Tso October 28 ƒe kwasiɖaa me la, Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? ƒe agbalẽ gbadza lae míasrɔ̃ le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me. Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia si woɖe ɖe go le “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!” Nutome Gã Takpekpea me ŋu be míatsɔ ahe Biblia nusrɔ̃viwo ƒe susu ava habɔbɔa dzi. Menye ɖeko agbalẽ sia sɔsrɔ̃ adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si me míele ŋu ɖe edzi ko o, ke akpe ɖe mía ŋu hã be míanya dɔwɔnu vevi sia si wota na gbeadzisubɔsubɔdɔa me nyawo nyuie.—Ps. 48:14.
2. Aleke míasrɔ̃ agbalẽ gbadza sia le hamea me?
2 Ale Si Míasrɔ̃e: Ele be nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa nama ɣeyiɣia nyuie be woakpe nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo nyuie. Abia nyabiase si nye nusɔsrɔ̃a ƒe tanya atsɔ aʋu nusɔsrɔ̃ 28-awo dometɔ ɖe sia ɖe nu. Azɔ akpe nuxlẽlaa wòaxlẽ memama gbãtɔ. Le memama gbãtɔ gome la, nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa abia nyabiase si eya ŋutɔ dzra ɖo do ŋgɔ. Eyome woaxlẽ akpa siwo gɔme wodze kple nuŋlɔtsi toto la ɖekaɖeka ahadzro wo me. Ne woxlẽ akpa ma vɔ la, nusɔsrɔ̃a dzikpɔla agabia nyabiase si nye nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, eye nɔviwo azã akpa ma me nyawo atsɔ aɖo eŋu. Nɔnɔmetata geɖewo le agbalẽa me si ŋu woate ŋu aƒo nu le. Woaxlẽ mawunyakpukpui veviawo le ale si ɣeyiɣia ɖe mɔe nu. Nusɔsrɔ̃a dzikpɔla azã biabia siwo le ete atsɔ ato nusɔsrɔ̃a me hafi woayi nusɔsrɔ̃ bubu dzi. Ne aɖaka si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia” kpe ɖe nusɔsrɔ̃ aɖe ŋu la, ana woaxlẽe eye wòabia nɔviwo woagblɔ ale si aɖaŋu si woɖo le eme la dzi wɔwɔ aɖe vi na Biblia nusrɔ̃viwo. Ne ɣeyiɣi li la, nusɔsrɔ̃a dzikpɔla ate ŋu abia nyabiase siwo nye nusɔsrɔ̃awo ƒe tanyawo atsɔ ato kwasiɖa ma ƒe nusɔsrɔ̃a me. Nenɔ susu me na mí be mehiã kokoko be míazã mɔnu sia ke ne míele agbalẽ sia zãm le aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me o.
3. Nu kae nàwɔ be agbalẽ sia naɖe vi na wò bliboe?
3 Be agbalẽ sia naɖe vi na wò bliboe la, dzra ɖo nyuie hafi nàva kpekpea. Dze agbagba nàɖo nya ŋu. Le numedzodzroa me la, nɔ ŋugble dem tso nu si tae nusɔsrɔ̃a aɖe vi na Biblia nusrɔ̃viwo ŋu. Neva eme be agbalẽ gbadza sia sɔsrɔ̃ nana míasu te akpe ɖe amewo ŋu woava kpe ɖe mía ŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me, ale be mɔkpɔkpɔ nasu woawo hã si be woanɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.—1 Yoh. 2:17.