INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/15 axa 5-7
  • Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Miaƒe Agbenɔnɔ Nanyo Le Dukɔwo Dome”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Agbenɔnɔ Si Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 4/15 axa 5-7

Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

  • Ðoɖowɔɖia Ƒe Gamewo: Woatsɔ haƒoƒo adze ɖoɖowɔɖia gɔme ŋdi ga 9:20, ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne haƒoƒoa dze egɔme ko la, anyo be mí katã míanɔ anyi ale be wɔnaa nadze egɔme le ɖoɖo nu. Wɔnaa awu enu le ɣetrɔ ga 5:00 lɔƒo le Fiɖagbe kple Memleɖagbe, eye wòawu enu ɣetrɔ ga 4:00 lɔƒo le Kwasiɖagbe.

  • ‘Dzi Ha Nàkafu Yehowa’: Le blema la, Mawu ƒe amewo dzia ha kafua Yehowa, eye hadzidzi kpɔtɔ nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe egbea. (Ps. 28:7) Le míaƒe takpekpewo me la, wotsɔa haƒoƒo dzea ɖoɖowɔɖia ƒe akpa ɖe sia ɖe gɔme. Menye ɖe woƒoa ha sia dzro ko be míanɔ esem esime míele nu bubuwo wɔm o, ke boŋ ɖe wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahasubɔe. Eya ta ne zimenɔlaa gblɔ be míase haƒoƒo si woatsɔ adze ɖoɖowɔɖia gɔme la, ɣemaɣie wòle be míabɔbɔ nɔ anyi aɖo to haƒoƒoa nyuie, ke menye be míanɔ dze ɖom o. Esia afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe haƒohaa ƒe agbagbadzedzewo ŋu. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo tsɔa woawo ŋutɔwo ƒe kotokumega zɔa mɔ yia Patterson, le New York zi eve ƒe sia ƒe ɖaƒoa ha vivi siawo na mí. Ne míeɖo to haƒoƒoa nyuie vɔ la, ele be mí katã míatsɔ nusɔsɔe adzi míaƒe Fiaɖuƒehawo atsɔ akafu Yehowa.

  • Ʋutɔtɔɖi: Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Anyo ɣesiaɣi be míayi aɖanɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu. Zi geɖe la, ʋutɔɖoƒea melolona o, eya ta anyo be ame geɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ʋu ɖeka ne anya wɔ.

  • Nɔƒeléleɖi: Ame siwo mia kpli wo miele aƒe ɖeka me alo ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na. Míeɖe kuku migada nuwo ɖe zikpuiwo dzi ne menye ɖe miele nɔƒe lém ɖi na ame siawo o. Esia ana nɔvi bubuwo nakpɔe be yewoate ŋu anɔ afi ma faa. Zikpui siwo woɖo ɖi na ame tsitsiwo kple dɔnɔwo la mesɔ gbɔ be woƒe ƒometɔwo katã nanɔ wo gbɔ o. Eya ta taflatsɛ, migblẽ zikpui siawo ɖi na ame tsitsiawo kple dɔnɔwo kpakple wo dzi kpɔla ɖeka alo eve aɖewo ko.

  • Awudodo Si Da Sɔ: Ele be míaƒe awudodo le takpekpea wɔɣi nada asɔ eye wòagaɖi xexea ƒe atsyã siwo gbɔ eme la o. (1 Tim. 2:9) Ne míeva ŋkɔ de ge agbalẽ me le amedzrodzeƒea alo le dzodzom, alo míele tsa ɖim do ŋgɔ na takpekpea kple kpakpã megbe gɔ̃ hã la, ele be míaƒe dzadzraɖo nada asɔ, bubu nanɔ eŋu, eye wòaganɔ ɖewoɖewoe o. Ema ana be wòanye dada na mí be míade takpekpea ƒe akɔtagbalẽvia eye masesẽ na mí be míaɖi vomeɖase o. Menye ɖeko míaƒe dzadzraɖo kple agbenɔnɔ nyuie le takpekpewɔɣia ana Biblia me gbedeasi si xɔa ame ɖe agbe la nadzro dzianukwaretɔwo ko o, ke ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi hã.—Zef. 3:17.

  • Bu Amewo Ŋu Ne Èle Elektrɔnik-mɔ̃wo Zãm: Be míaɖe ameŋububu afia la, ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe asitelefonwo kple elektrɔnik-mɔ̃ bubuwo maɖe toɣli amewo o. Ne èle foto alo videoɖemɔ̃, asikɔmpiuta alo mɔ̃ bubuwo zãm la, kpɔ egbɔ be wòagahe amewo ƒe susu alo axe wo ŋkume o. Míeɖea nɔnɔme nyuiwo fiana hã ne míenɔa message alo e-mail ɖom ɖe amewo esime nuƒoawo le edzi yim o.

  • Ŋdɔnuɖuɖu: Taflatsɛ, tsɔ ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea be yeaɖaƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu ayi zikpuiawo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã ava takpekpewɔƒea o.

  • Nudzɔdzɔwo: Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe takpekpea ŋu afia ne míedzɔ nu faa le takpekpea me tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖakaa me la dzi be woaxee na “Watch Tower.”

  • ◼ Atikewɔwɔ: Ne ɖɔktawo ŋlɔ atike aɖewo na wò be nànɔ nonom la, míeɖe kuku, tsɔ woƒe agbɔsɔsɔme si asu na wò le takpekpewɔɣia katã la ɖe asi, elabena atike siawo manɔ takpekpewɔƒea o.

  • Nu Siwo Míawɔ Be Míagadze Afɔku O: Ele be míakpɔ nyuie be míaƒo asa na nu siwo ate ŋu ana míaɖiɖi alo akli nu adze anyi. Ƒe sia ƒe la, nu vevi wɔa ame geɖe le afɔkpa siwo wodo ta, vevietɔ afɔkpa kɔkɔwo. Anyo wu be míado afɔkpa kpokploe siwo sɔ nyuie be míate ŋu ato atrakpuiwo, kpoƒewo kple teƒe bubuwo dedie.

  • Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatsɛ, kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.

  • Dzadzɛnyenye: Enye vavala ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be wòadzra teƒe si wònɔ ɖu nu le la ɖo nyuie. Esi gbelɔnuwo anɔ takpekpewɔƒe ɖe sia ɖe ta la, taflatsɛ, mikpɔ egbɔ be yewofɔ nuwo abe pepa kakɛwo, nuɖuɖu wluiwluiwo, kple aŋenuwo ene kpakple gbeɖuɖɔ bubu ɖe sia ɖe de gbelɔnuawo me. Esia aɖee afia be míenye ame dzadzɛwo.

  • Nugododeƒewo: Míeɖe kuku, mikpɔ egbɔ be mia viwo naganɔ tsotsom anɔ aɖuɖɔɖɔƒe alo nugododeƒea yim esime takpekpea le edzi yim o. Ɣesiaɣi si wòhiã be ɖevi aɖe nayi aɖuɖɔɖɔƒe alo nugododeƒea la, mina ame tsitsi alo wo nɔvi tsitsi aɖe nakplɔ wo ayii.

  • Ne Woɖe Agbalẽ Ðe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (1 Kor. 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple ameŋububu aʋã mí be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim be míanye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye wòɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.

  • Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ Gbalẽvi: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) gbalẽvia atsɔ ana nyatakaka ku ɖe ame siwo míeɖi vomeɖase na le takpekpewɔɣia eye wotsɔ ɖe le nyaa me la ŋu. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo la ana le Agbalẽdzikpɔƒea le takpekpea me, alo miate ŋu atsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne miegbɔ tso takpekpea.

  • Nuɖuɖudzraƒewo: Mina míanɔ agbe ale si dze le nuɖuɖudzraƒewo atsɔ ade bubu Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Ele be mí subɔla Kristotɔwo míaƒe awudodo nasɔ. Le teƒe aɖewo la, wokpɔa mɔ be woana nane kplɔ̃ŋusubɔlawo, eya ta mègaŋlɔ esia be o.

  • Dzeƒewo:

    1.  Ne wohaya teƒe aɖe na wò la, taflatsɛ mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔa me o.

    2.  Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒe me la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia.

    3.  Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko.

    4.  Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o.

    5.  Be míado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe.

    6.  Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o.

    7.  Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒedɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze.

    8.  Ele be dzilawo ƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu ɣesiaɣi le amedzrodzeƒea alo teƒe si wodze.

    9.  Ne kuxi aɖe do mo ɖa le xɔ si me nèdze alo le amedzrodzeƒea ŋu la, na Xɔdidɔwɔƒea nanya ne èva ɖo takpekpewɔƒea.

  • Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Ame siwo katã di be yewoatsɔ yewo ɖokui ana hena takpekpea me dɔwo wɔwɔ la nayi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea le takpekpewɔƒea. Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu awɔ dɔ kple wo dzilawo alo ame si gbɔ wole atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋu, alo woate ŋu awɔ dɔ kple ame tsitsi bubu aɖe ne wo dzilawo lɔ̃ ɖe edzi. Ele be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si wohiã, to nutome suea ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ɖoɖoa dzi, do ŋgɔ hafi takpekpea nadze egɔme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe