August Anye Ɣleti Ðedzesi Aɖe Na Mí!
Míama Trakt Yeye Aɖe Le Xexea Me Godoo
1. Dɔ tɔxɛ kae míawɔ le xexea me godoo esi Fiaɖuƒea xɔ ƒe 100?
1 Ƒe alafa ɖekae nye esia tso esime wodzi Mawu Fiaɖuƒea! Esi míele ɣleti si me nu ɖedzesi sia dzɔ gogom la, esɔ ŋutɔ be míawɔ trakt mama ƒe dɔ tɔxɛ aɖe atsɔ akafu Yehowa. Le August me la, míama trakt yeye aɖe le xexea me godoo, si ƒe tanyae nye Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le? Trakt sia de dzi ƒo na amewo be woadi ŋuɖoɖoawo le Biblia me, eye wòɖe ale si míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ate ŋu akpe ɖe wo ŋui me.
2. Aleke mí katã míawɔ akpɔ gome le ‘Yehowa kafukafu si ade dzi’ le August me la me bliboe?
2 Yehowa Kafukafu Ade Dzi: Wowɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe na gbeƒãɖela siwo katã di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le August me atsɔ adzi yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Le ɣleti ma me la, gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ate ŋu ana gaƒoƒo 30. Esi wònye be Fiɖa, Memleɖa kple Kwasiɖa atɔ̃ sɔŋ ye le August me ta la, gbeƒãɖela geɖe siwo dea dɔme le kwasiɖaa me hã ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Nenema kee sukuviwo hã ate ŋu azã woƒe mɔkeɣi atsɔ awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le August me. Ne wò Biblia-nusrɔ̃vi alo viwò le ŋgɔyiyi wɔm eye wòdi be yeazu gbeƒãɖela la, ekema gblɔe na miaƒe hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla enumake. Aleke gbegbe wòade dzi ƒoe nye esi be woawo hã woava zu gbeƒãɖelawo le ɣleti ɖedzesi ma me! Togbɔ be gbesiagbe mɔɖela aɖewo xɔa mɔkeke le August me nenye be woɖo ƒea ƒe gaƒoƒonudidia gbɔ vɔ hã la, anyo be woatrɔ asi le woƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu ale be woate ŋu akpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me bliboe. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be ƒomewo nadzro ale si woawɔ akpɔ gome le ‘Yehowa kafukafu si ade dzi’ le August me la me bliboe.—Ezra 3:11; Lod. 15:22.
3. Nu kae míele mɔ kpɔm na ku ɖe dɔ tɔxɛ sia ŋu?
3 Togbɔ be míekpɔ gome le trakt mama ƒe dɔ tɔxɛwo me kpɔ va yi hã la, míele mɔ kpɔm be esiae aɖe dzesi wu. Ðe August anye ɣleti si me míakpɔ gaƒoƒo gbogbotɔ, kple gbeƒãɖelawo kpakple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake lea? Esi wònye August mee míawu ƒe 2014 subɔsubɔƒea nu le ta la, neva eme be Yehowa nayra ɖe dɔ si eƒe amewo awɔ le xexea me godoo dzi ale be August nanye ɣleti si me míawɔ ɖaseɖiɖidɔ gãtɔ kekeake le!—Mat. 24:14.