Zã Nyatakakadzraɖoƒe Ƒe Trakt Yeyea
Trakt la ƒe tanyae nye Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le? Biabia etɔ̃ dze le eƒe axa mamlɛtɔ. Ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi la, bia amea be biabia siawo dometɔ kae wòadi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na, eye nàʋu BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO le Nyatakakadzraɖoƒea be wòakpɔ ŋuɖoɖoa. Akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo hã le afi ma: Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la? Kple nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ na mí?
Na trakt sia ƒe ɖe nanɔ ŋuwò ɣesiaɣi be nàtsɔe akpe ɖe amewo ŋu woanya nu si Biblia fia tso etsɔme nyui si le ŋgɔ na mí le Mawu Fiaɖuƒea te la ŋu.