INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/14 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zãe Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Zã Nyatakakadzraɖoƒe Ƒe Trakt Yeyea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 7/14 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le?

Tsɔ trakt la fia aƒemenɔlaa be wòakpɔ tanya si le edzi eye nàgblɔ be: “Míele agbalẽvi sia mam le xexea me godoo. Nya vevi aɖe le eme si míedi be ame sia ame naxlẽ. Tɔwòe nye esia.”

Ne èle trakt la gblẽm ɖi na ame siwo ŋu mèke ɖo le aƒe me o la, dae ɖe teƒe si aƒemenɔlaa ɖeɖe ko akpɔe le eye mègaŋee wu ale si dze o.

Ne aƒemenɔlaa ɖe ɖetsɔleme fia alo edi be miaɖo dze tso eŋu la, àte ŋu abiae wòagblɔ eƒe susu tso nyabiase si le akpaa dzi si ŋu woate ŋu aɖo le mɔ vovovowo nu la ŋu. Eyome ke trakt la, eye nàhe eƒe susu ayi Psalmo 119:144, 160 me nyawo dzi. Ðe eme nɛ be trakt la ƒo nu tso Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe si akpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋuɖoɖo nyuiwo na biabia siwo le esi la le Biblia me ŋu. Ðewohĩ wò ŋutɔ àte ŋu aʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ahaɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? la afiae. Hafi nàdzo la, he eƒe susu yi nyabiase etɔ̃ siwo le trakt la megbe dzi eye nàbiae be kae wòadi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na hã. Gblɔ nɛ be yeatrɔ ava egbɔ be yeafiae ale si wòate ŋu azã jw.org atsɔ akpɔ ale si Biblia ɖo nya ma ŋui. Ne ètrɔ yi la, midzro ŋuɖoɖoa me le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO te.

Ne èle nutome gã takpekpe ƒe amekpegbalẽvia hã mam la, tsɔ amekpegbalẽvia kpe ɖe trakt la ŋu nàtsɔ ana aƒemenɔlaa eye nàgblɔ be, “Tsɔ kpe ɖe agbalẽvi sia ŋu la, míele kpewòm na takpekpe aɖe si míawɔ hã. Womaxɔ ga le vavalawo si o.”

Gbetakpɔxɔ August 1

Le kwasiɖanuwuwuwo ne asɔ la, gblɔ nya siawo nàtsɔ ana Gbetakpɔxɔ la: “Míadi be míatsɔ míaƒe magazine yeyeawo hã ana wò. Gbetakpɔxɔ sia ɖo biabia si nye, Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na wòa? ŋu.”

Nyɔ! August

Le kwasiɖanuwuwuwo ne asɔ la, gblɔ nya siawo nàtsɔ ana Nyɔ! la: “Míadi be míatsɔ míaƒe magazine yeyeawo hã ana wò. Nyɔ! sia ɖo biabia si nye, Aleke nàwɔ ŋutifafa kple amewo? ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe