Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le September Me
“Ame geɖe xɔ mawudɔlawo dzi se. Ke wò ya ɖe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Míenya be mawudɔlawo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔwo, gake èsusu be woate ŋu akpe ɖe mía ŋua? Biblia ƒo nu tso ale si wokpena ɖe mía ŋu egbeae ŋu.” Tsɔ nyati si le September 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ September 1
“Èsusui be amegbetɔwo le anyigba la gblẽm ale gbegbe be womagate ŋu awɔ naneke tso eŋu oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Togbɔ be amegbetɔwo mate ŋu aɖɔ nu siwo wogblẽ la ɖo o hã la, Biblia gblɔ na mí be Mawu ate ŋui eye edi be yeawɔe hã. Psalmo 65:10 ka ɖe esia dzi na mí. [Xlẽe.] Gbetakpɔxɔ sia dzro ale si Mawu ava dzra anyigba ɖo kple nu si míawɔ be míakpɔ yayra mawo teƒe la me. Adzɔ dzi na wò be matsɔe na wò nàxlẽa?”
Nyɔ! September
“Ame geɖe kpɔe be yewoƒe dɔtɔwo nana yewowɔa dɔ atraɖii, eye wodia gbɔdzɔe doa kpoe. Numekulawo gblɔ be dɔwɔwɔ atraɖii ate ŋu ana nu nati kɔ na ame vevie, eye wòagblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ kple seselelãme ŋu. Aleke ame ate ŋu aƒo asa na esia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me nya wɔdɔɖeamedzi sia ɖa. [Xlẽ Nyagblɔla 4:6.] Magazine sia dzro nu ene siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ be míaƒo asa na nutikɔname le dɔwɔɖui ta la me.”