INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/11 axa 8
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 8/11 axa 8

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le September Me

“Dukɔ vovovo kple subɔsubɔha vovovo me tɔwo doa gbe ɖa gbe sia gbe. Èxɔe se be Mawu sea gbedodoɖawo katã heɖoa wo ŋua?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome tsɔ September 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖeka nɛ, eye midzro nyati si le tanya sue gbãtɔ te le axa 16 lia la me ɖekae, eye midzro mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti me. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

The Watchtower September 1

Tsɔ nyabiase si le magazinea ƒe akpaa dzi fia aƒemenɔlaa, eye nàbiae be: “Aleke nàɖo nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ 1 Yohanes 5:19.] Le kpukpui sia ƒe nya nu la, “vɔ̃ɖitɔ la,” alo Abosam, ye le xexea dzi ɖum. Gake esia fɔ biabia aɖewo ɖe te. Afi kae Abosam tso? Ame ŋutɔŋutɔ wònyea? Ɣeyiɣi didi kae Mawu aɖe mɔ nɛ wòaɖu dzi ase ɖo? Nya si Biblia gblɔ tso biabia siawo ŋu la le magazine sia me.”

Awake! September

“Nu te ɖe ame geɖewo dzi egbea le ganyawo ƒe sesẽ ta. Le wò susu nu la, nu ka tae ganyawo le sesẽm alea gbegbe ɖo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la le Biblia me; wokpe ɖe ame geɖewo ŋu wokpɔ woƒe gakuxiwo gbɔ. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo le axa 8 kple 9 la dometɔ ɖeka.] Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le magazine sia me na ame siwo le agbagba dzem be yewoavo tso fenyinyi si me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe