Anyigbamama Si Womede Asi Na Hame Aɖeke O—Àte Ŋu Awɔ Dɔ Le Emea?
Èɖɔ yayra gbogbo siwo dona tso dɔwɔwɔ le anyigbamama si womede asi na hame aɖeke o me la kpɔa? Le subɔsubɔƒe si va yi me la, gbeƒãɖela 747 kpe anyigbamama 477 siwo womede asi na hame aɖeke o ɖo. Tso ƒe 2015 subɔsubɔƒea ƒe gɔmedzedze la, du kple kɔƒe siwo wu 8,000 sɔŋ li siwo me wòhiã be míawɔ dɔ le. Àte ŋu ayi aɖawɔ awɔ dɔ le wo dometɔ aɖe mea?
Wona esia ŋuti nyatakakawo le lɛta si woŋlɔ na hamewo le December 1, 2014 dzi la me. Ne àte ŋu akpe asi ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu le ɣleti siwo gbɔna me la, anyo be nàte ɖe hamemetsitsiwo ŋu abia nya tso anyigbamama siwo me wòhiã be woawɔ dɔ le ŋu. Anyigbamama gãwo le Brong Ahafo, Dziehe Nutowo, Dziehe Ɣedzeƒe kple Dziehe Ɣetoɖoƒe, kpakple Volta Nutowo me.
Ne ame 2 va ɖo ame 20 siwo dze bia mɔ le alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la, woate ŋu aɖe mɔ na wo be woayi aɖawɔ dɔ le anyigbamama mawo me. Miate ŋu abia be yewoawɔ dɔ sia ŋkeke ɖeka alo esi wu ema; ate ŋu anye va se ɖe ɣleti etɔ̃ gɔ̃ hã. Dɔ sia wɔwɔ ana miaɖo ŋku miaƒe mɔkekea dzi ɣeyiɣi didi aɖe. Ne míewɔ dɔ le anyigbamama siwo womede asi na hame aɖeke o me la, míakpe ɖe ame siwo lɔ̃ nyateƒea evɔ wo kpɔkpɔ sesẽ alo wole teƒe saɖeagawo ŋu be woava zu ame siwo kafua Yehowa le xexea me godoo ƒe ƒome gã la me tɔwo. Yayra kawo gbegbee nye esi nàkpɔ ne èyi ɖawɔ dɔ le anyigbamama siawo me!—Nyagb. 11:6; Yes. 54:13.