INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 November axa 7
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðaseɖiɖi To Telefon Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðaseɖiɖi To Telefon Dzi
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Siwo Kpɔa Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Tɔtrɔyia Gɔmeɖoɖo Anyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • “Nyemegakena Ðe Eŋu Le Aƒe Me O!”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 November axa 7
Foto: Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe kple srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo le ɖase ɖim to telefon dzi. 1. Nɔviŋutsu tsitsia le dze ɖom kple asitsala aɖe le telefon dzi. 2. Asitsalaa le to ɖom nɔviŋutsua ƒe gbedeasia..

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Ðaseɖiɖi To Telefon Dzi

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ðaseɖiɖi to telefon dzi nye mɔ vevi aɖe si dzi míato ‘aɖi ɖase le nya nyui la ŋu tsitotsito.’ (Dw 20:24)a Ekpena ɖe mía ŋu míeɖia ɖase na amewo ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ be míayi wo gbɔ o.

ALE SI NÀWƆE:

  • Nɔviŋutsu sɔhɛ ma ke le nuŋlɔɖiwo wɔm tso mawunyakpukpui aɖewo ŋu tsɔ le dzadzram ɖo ɖe ɖaseɖiɖi to telefon dzi ŋu.

    Dzra ɖo. Tia nyati si sɔ. Eyome nàŋlɔ nya vevi siwo nèdi be yeagblɔ la ɖi. Anyo be nàdzra nya kpui aɖe si nàdi be yeagblẽ da ɖe telefon la dzi na amea atsɔ aɖe susu si tae nènɔ yɔyɔm la me ɖo, ne edzɔ be amea meɖo telefon la ŋu o. Anyo hã be nànɔ anyi ɖe kplɔ̃ aɖe ŋu eye nuŋlɔɖi si nèwɔ kple nu bubu siwo nàhiã, abe mɔ̃ si dzi nèʋu JW Library® alo jw.org® le xoxo la, nanɔ gbɔwò

  • Nɔviŋutsu sɔhɛ la le kpekpem ɖe nɔviŋutsu tsitsia ŋu esi wòle nu ƒom na ame aɖe le telefon dzi.

    Ðe dzi ɖi. Ƒo nu le dzɔdzɔme nu. Ðo nukomo eye nànɔ asi wɔm ɖe nyaa dzi abe ɖe amea le kpɔwòm ene. Ne èle nu ƒom la, mèganɔ tɔtɔm kabakaba ne mehiã o. Eɖea vi ne èwɔ dɔ kple nɔvi ɖeka alo eve bubu aɖe. Ne aƒemenɔlaa bia nya aɖe la, gbugbɔ gblɔ nya si wòbia la sesĩe ale be nɔvi si nèle dɔa wɔm kple hã nasee eye wòakpe ɖe ŋuwò nàdi ŋuɖoɖoa

  • Nɔviŋutsu sɔhɛ la le video aɖe si le jw.org la ƒe link ɖom ɖe ame aɖe.

    Ðo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyiwɔwɔ. Ne amea tsɔ ɖe le nyaa me la, àte ŋu agblẽ biabia aɖe ɖi si ŋu nàɖo ne èyɔe emegbe. Azɔ hã, àte ŋu atsɔ míaƒe agbalẽ aɖe koŋ si ku ɖe dze si mieɖo ŋu la ayi nɛ alo aɖoe ɖee to e-mail dzi. Àte ŋu aɖo míaƒe video alo nyati aɖe hã ɖee to text alo e-mail dzi. Ne asɔ la, ƒo nu tso nane si le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ŋu nɛ

a Ne woɖe mɔ ɖe ɖaseɖiɖi to telefon dzi ŋu le miaƒe nutoa me la, ele be wòawɔ ɖeka kple se siwo ku ɖe ameŋunyatakakawo zazã ƒe ɖoɖo la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe