Míadze Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpegbalẽvia Mama Gɔme Tso April 2 Dzi
1. Ɣekaɣie míama Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo le ƒe sia me, eye vi kae ƒe sia ƒe ƒe amekpekpedɔ sia ɖena?
1 Tso April 2 va se ɖe April 17 la, míama wɔna vevitɔ kekeake si míawɔ le ƒea me la ƒe amekpegbalẽviwo—wɔna mae nye Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Le ƒe siwo va yi me la, ɖetsɔlemetɔ geɖe wɔ ɖe ƒe sia ƒe ƒe amekpekpe sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Ŋkuɖodziŋkeke aɖe dzi la, nyɔnu aɖe ƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea hegblɔ be: “Ðeko megbɔ va aƒe mee nye esia, eye mekpɔ amekpegbalẽvi aɖe le nye ʋɔtru te. Medi be made wɔnaa teƒe, gake nyemenya gamea tututu o.” Nɔviŋutsu si xɔ kaƒoƒoa la gblɔ afi si nyɔnua akpɔ gamea le le amekpegbalẽvia dzi la nɛ. Nyɔnua do ŋugbe sia tsɔ ƒo dzeɖoɖoa tae: “Mayi miaƒe wɔna la teƒe fiẽ sia!”
2. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ana amekpegbalẽvia?
2 Aleke Míawɔe: Esi wònye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe le mía si míatsɔ akpe míaƒe anyigbamamaa ɖo ta la, anyo wu be míaƒe nyawo nanɔ kpuie. Míate ŋu agblɔ be: “Ŋdi na wò. Enye dzidzɔ na mí be míakpe mia kple wò ƒomea hena wɔna vevi aɖe si míewɔna ƒe sia ƒe, si míawɔ le Kwasiɖa, April 17, dzi. [Tsɔ amekpegbalẽvia na aƒemenɔlaa.] Gbe ma gbee nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã. Woana Biblia me nuƒo aɖe si aɖe ale si Kristo ƒe tafevɔsa la ate ŋu aɖe vi na míi la me; womaxɔ ga ɖe vava ta o. Amekpegbalẽvi sia fia afi si woawɔ kpekpe sia le le míaƒe nutoa me kple game si dzi woawɔe.”
3. Aleke míate ŋu akpe ame geɖe ale si nu míate ŋui?
3 Ne miaƒe anyigbamamaa lolo la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be miagblẽ amekpegbalẽviawo ɖi na ame siwo mietu le aƒe me o, ne anya wɔ be miadae ɖe teƒe si aƒemenɔlaa ɖeɖe ko akpɔe le. Kpɔ egbɔ be nàkpe ame siwo gbɔ nètrɔna yina, wò ƒometɔwo, wò dɔwɔhatiwo, wò sukuhatiwo, kple wò ame nyanyɛ bubuwo. Ne èle amekpegbalẽvia mam le kwasiɖanuwuwuwo la, na magazinewo ɣesiaɣi si wòsɔ. Ðe nàte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me be nàkpɔ gome le amekpekpedɔ tɔxɛ sia me geɖe wua?
4. Nu ka tae míedi be ɖetsɔlemetɔwo nade Ŋkuɖodzia?
4 Aleke gbegbe wɔna sia anye ɖaseɖiɖi gã aɖe na ɖetsɔlemetɔ siwo ade ewɔƒe ye nye esi! Woase nu tso lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia esi wòtsɔ tafea na la ŋu. (Yoh. 3:16) Woasrɔ̃ nu tso ale si Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na ameƒomea la ŋu. (Yes. 65:21-23) Woakpe wo be woate ɖe anyinɔƒegbɔkpɔlawo ŋu ahabia be woava wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli yewo bene yewoasrɔ̃ nu geɖe wu. Míele gbe dom ɖa be dzianukwaretɔ geɖe nawɔ ɖe amekpekpea dzi eye woava wɔ ɖeka kpli mí míakpɔ gome le Ŋkuɖodzi ƒe wɔna la me!