Amekpekpedɔ Tɔxɛ Aɖe
1. Ɣekaɣie míadze amewo kpekpe hena ƒe 2014 takpekpe gãawo gɔme?
1 Ne èle ɖoɖo wɔm be yeaɖo kplɔ̃ tɔxɛ aɖe na xɔ̃wòwo alo ƒometɔwo, eye esia abia be nàzã ga kple ɣeyiɣi geɖe la, ɖikeke mele eme o be, màkpe wo ɖewoɖewoe ko o. Nenema kee wozã ɣeyiɣi geɖe tsɔ trɔ asi le gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si woaɖo na mí le ƒe 2014 nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo me la ŋu. Ne esusɔ kwasiɖa etɔ̃ míade takpekpea la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míakpe amewo be woade takpekpea kpli mí. Nu kae ana míakpe amewo dzonɔamemetɔe?
2. Nu kae aʋã mí míaƒo mía ɖokuiwo ɖe amekpekpedɔa me bliboe?
2 Ne míede ŋugble le ale si gbegbe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo Yehowa naa mí le míaƒe takpekpewo me ɖea vi na míi ŋu la, esia aʋã mí be míaƒo mía ɖokuiwo ɖe amekpekpedɔa me bliboe. (Yes. 65:13, 14) Anyo be míaɖo ŋku edzi be nu nyuiwo dona tso amekpekpedɔ si míewɔna ƒe sia ƒe la me. Ame siwo míakpe la dometɔ aɖewo ade takpekpea kpli mí. Veviedodo le amekpekpedɔa me ahe kafukafu avɛ na Yehowa ahaɖe eƒe nyuiwɔwɔ afia, metsɔ le ame agbɔsɔsɔ si alɔ̃ ade takpekpea kpli mí me o.—Ps. 145:3, 7; Nyaɖ. 22:17.
3. Aleke míama amekpegbalẽvi la?
3 Hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe ana mɔfiame ku ɖe ale si míakpe anyigbamamaa ɖoe ŋu. Woana míanya ne asɔ be míagblẽ amekpegbalẽvia ɖi na ame siwo ŋu míeke ɖo le aƒe me o, alo ne míate ŋu ama wo le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me le míaƒe anyigbamamaa me. Ne míele amekpegbalẽvia mam le kwasiɖanuwuwuwo la, ele be míana magazineawo hã ne esɔ. Ne ɣletia ƒe Memleɖa gbãtɔ hã le kwasiɖa siwo míawɔ amekpekpedɔ tɔxɛa me la, ke míalé fɔ ɖe amewo kpekpe ŋu, ke menye ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze le ŋkeke ma dzi ŋu o. Ne amekpekpedɔa wu enu la, dzi adzɔ mí ŋutɔ be míekpɔ gome le dɔa me dzonɔamemetɔe hekpe ame geɖe ale si nu míate ŋui be woava gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ si Yehowa ɖo na mí ŋu!