INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/15 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ehiã Be Míayi Wo Gbɔ Kaba
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 7/15 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Ðe wòle be gbeƒãɖelawo nato Internet dzi anɔ ɖase ɖim alo anɔ nu srɔ̃m kple ame siwo womenya o le dukɔ bubuwo mea?

Gbeƒãɖela aɖewo to Internet dzi le Biblia srɔ̃m kple amewo le dukɔ siwo me woɖo asi dɔa dzi le alo le dukɔ siwo me gbeƒãɖelawo mede ha le o me. Nu nyui aɖewo do tso esiawo dometɔ aɖewo me. Ke hã, afɔku le eme ne gbeƒãɖelawo toa e-mail dzi ɖoa nyatakakawo ɖe amewo alo ɖoa dze kple ame siwo womenya o la le Internet dzi. (Kpɔ July 2007 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3.) Togbɔ be susuae nye be woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na dzianukwaretɔwo hã la, dzeɖoɖo mawo ate ŋu ana be nɔvi aɖe nava nɔ ha dem kple ame gblẽku siwo dometɔ aɖewo ate ŋu anye xɔsegbelawo. (1 Kor. 1:19-25; Kol. 2:8) Azɔ hã, le dukɔ siwo me woɖo asi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi le me la, setɔwo ƒe ŋku ate ŋu anɔ nyatakaka siwo tsoa duta vaa dukɔa me la ŋu. Dzeɖoɖo mawo ate ŋu ade nɔvi siwo le dukɔ mawo me afɔku me. Eya ta mele be gbeƒãɖelawo nayi Internet dzi anɔ ame siwo le dukɔ bubuwo me dim be yewoagblɔ nya nyuia na wo o.

Ne míeɖi vomeɖase na ame aɖe si tso dukɔ bubu me la, mele be míanɔ agbagba dzem be míayi edzi anɔ ɖase ɖim nɛ ne etrɔ yi wo de o, negbe ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le mia gbɔ la na mɔfiame be miawɔe nenema ko hafi. Ðe ema teƒe la, miate ŋu afiae ale si wòayi jw.org be wòake ɖe nyatakaka bubuwo alo alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si me wòtso la ŋu. Miate ŋu ade dzi ƒo nɛ hã be wòayi kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe eŋu la me. Ele eme be Fiaɖuƒe Akpatawo mele dukɔ aɖewo me o. Ne edi be Ðasefo aɖe nava srɔ̃ nu kple ye la, ke ele be miakpe Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ (S-43) ƒe agbalẽvia ɖo ahatsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla, eye eya hã aɖoe ɖa to jw.org dzi. Alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me ɖetsɔlemetɔa tso la nya ale si nɔnɔmeawo le le afi ma, eye woawoe nya mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me.—Kpɔ June 2014 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 7, kple November 2011 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 2.

Ne míesrɔ̃a nu kple ame aɖe eye wòʋu yi dukɔ bubu me alo míele nu srɔ̃m kple ame aɖe fifia si míenya o le Internet dzi la, ekema ele be míawɔ ɖe mɔfiame siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la dzi. Ke hã, míate ŋu anɔ eƒe ɖetsɔlemea tum ɖo va se ɖe esime gbeƒãɖela aɖe si le wo gbɔ la va be yeava yi nusɔsrɔ̃a dzi kplii. Gake ne amea le dukɔ si me woɖo asi dɔa dzi le me la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo vevie ne míele dze ɖom tso Biblia me kplii to lɛta, telefon, alo mɔ̃ɖaŋu ƒe mɔnu bubu aɖe dzi.—Mat. 10:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe