Nyabiaɖaka
◼ Ame kae wòle be wòakpe aɖaka si nɔa míaƒe agbalẽwo megbe kple esi nɔa Internet dzi la ɖo?
Zi geɖe la, aɖaka aɖe nɔa míaƒe agbalẽwo me alo wo megbe siwo ame aɖe ate ŋu akpe ɖo ahaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea atsɔ abia agbalẽwo, alo abia be Yehowa Ðasefowo nava srã ye kpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame aɖe ate ŋu azã míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org la atsɔ abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye. Ðoɖo siawo le kpekpem ɖe ame geɖewo ŋu wole nyateƒea srɔ̃m. Ke hã ne gbeƒãɖelawo kpe aɖaka siawo ɖo tsɔ bia be woaɖo agbalẽwo ɖe woƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo alo gbeƒãɖela aɖe nayi aɖasrã wo kpɔ la, esia hea kuxi geɖewo vanɛ.
Ame aɖewo siwo alɔdzedɔwɔƒea ɖo agbalẽwo ɖo evɔ woawo ŋutɔwo mebia hafi o la do dziku, esi wose le wo ɖokui me be míaƒe habɔbɔa le fu ɖem na yewo eye woŋlɔ yewoƒe ŋkɔwo kpe ɖe ame siwo habɔbɔa ɖoa agbalẽwo ɖo la dome ta. Ŋu kpe gbeƒãɖela siwo wodɔ ɖa be woaɖasrã ame aɖe kpɔ evɔ amea ŋutɔ mebia be woava srã ye kpɔ o la, esi amea do dziku ɖe wo ŋu ta. Le esia ta la, ɖetsɔlemetɔawo ŋutɔwoe wòle be woakpe aɖaka siwo le agbalẽwo me alo Internet dzi, siwo wotsɔna biaa agbalẽwo alo Biblia nusɔsrɔ̃wo la ɖo, ke menye gbeƒãɖelawoe akpe wo ɖo ɖe ame bubuwo nu o. Zi geɖe la, ne habɔbɔa de dzesii be gbeƒãɖela aɖee kpe aɖakaa ɖo ɖe ame bubu aɖe nu la, womewɔa dɔ tso eŋu o.
Ke aleke míate ŋu akpe ɖe ƒometɔ alo ame nyanyɛ aɖe ŋu be wòasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu? Ne èdi be wòanɔ míaƒe agbalẽwo xɔm la, ɖe manyo be wò ŋutɔ nàɖoe ɖee tẽe abe nunana ene oa? Ne amea tsɔ ɖe le eme eye wòdi be Ðasefowo nava srã ye kpɔ gake mènya ale si nàwɔ ake ɖe hame si te ɖe eŋu la ƒe hamemetsitsiwo ŋu o la, kpe agbalẽvi si nye Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ (Please Follow Up [S-43]) ɖo eye nàtsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla; eya ato eme eye wòaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Gake ne gaxɔ mee ɖetsɔlemetɔa le, alo ɖe wolée le atike vɔ̃ɖi zazã ta, alo wosi kae ɖe kɔ aɖe si dzi wodzɔa eŋu le la, mègaɖo agbalẽ ɖe alɔdzedɔwɔƒea ɖe enu o. Ke boŋ de dzi ƒo nɛ be wòate ɖe nɔvi siwo yina ɖaɖea gbeƒã le kpɔa me la ŋu, alo eya ŋutɔ naŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea.