Nu Siwo Woxlẽ Lé Ðe Mɔ̃ Dzi—Ale Si Míazã Woe
1. Tsɔ kpe ɖe agbalẽ siwo woŋlɔ ŋu la, nu bubu ka hã ŋu dɔe míate ŋu awɔ?
1 Ame geɖe yia jw.org/ee nyatakakadzraɖoƒea ɖaxlẽa nya viviwo kple nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ la. (Nyagb. 12:10) Ke èɖoa to nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la hã? Nu gbogbo siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi wɔnɛ be míetea ŋu ɖoa to nyatakaka geɖe siwo le nyatakakadzraɖoƒea. Aleke nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ate ŋu aɖe vi na míi?
2. Aleke míawɔ nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ŋu dɔ wòaɖe vi na mí le ɖokuisi nusɔsrɔ̃ alo ƒome nusɔsrɔ̃ me?
2 Aɖe Vi Na Mí Le Ðokuisinusɔsrɔ̃ Alo Ƒome Nusɔsrɔ̃ Me: Toɖoɖo Biblia, magazinewo, alo agbalẽ bubu aɖe si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi esi míele mɔ zɔm alo le míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm la, akpe ɖe mía ŋu be míawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu. (Ef. 5:15, 16) Le míaƒe ƒometadedeagu me la, míate ŋu ate nu bubuwo hã kpɔ abe toɖoɖo nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ene, eye míanɔ agbalẽa ŋutɔ dzi kpɔm esi míele esem. Nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ŋu dɔ wɔwɔ le ɖokuisi nusɔsrɔ̃ me aɖe vi geɖe na mí vevietɔ ne míedi be míaƒe nuxexlẽ naganyo ɖe edzi, alo ne míele gbe aɖe srɔ̃m.
3. Ame kawoe le míaƒe anyigbamamaa me siwo nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ate ŋu aɖe vi na?
3 Le Gbeadzi: Ame geɖe siwo le míaƒe anyigbamama me kpɔe be vovo mele yewo ŋu yewoaxlẽ nu o, gake woadi be yewoaɖo to nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ya. Alo míado go ame siwo doa gbe bubu siwo adi be yewoaɖo to Fiaɖuƒe gbedeasia le ‘woawo ŋutɔwo degbe’ me. (Dɔw. 2:6-8) Le teƒe aɖewo la, wobua toɖoɖo nya siwo wogblɔ la nya vevii. Le kpɔɖeŋu me, le Hmong gbedolawo dome la, ame tsitsiwo gblɔa woƒe agbemeŋutinyawo na megbeviwo kple nu, eye wodzea agbagba léa nu siwo wose la ɖe susu me. Afrikatɔ geɖewo hã lɔ̃a ŋutinyawo sese eye wosrɔ̃a nu tsoa wo me.
4. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui tso ale si míate ŋu akpe ɖe ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me ŋu?
4 Le wò anyigbamamaa me la, ɖe wòanya wɔ be nàƒo nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ƒe ɖe na ame aɖe le eya ŋutɔ degbe mea? Ðe wòaɖe vi na ame aɖe ne ètsɔ nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi to e-mail me ɖo ɖea? Ðe nàte ŋu awɔ nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒe kɔpi ɖe CD dzi ahatsɔ agbalẽa ŋutɔ akpe ɖe eŋu ana ɖetsɔlemetɔ aɖea? Ne míetsɔ agbalẽ, agbalẽ gbadza, magazine alo trakt, siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi na ame aɖe la, ele be míabu eŋuti kɔnta. Wotrɔ asi le nu siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi ŋu be míazã le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me eye wòakpe ɖe mía ŋu míaƒã Fiaɖuƒea ƒe kuwo.—1 Kor. 3:6.