INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 May axa 13
  • Èle Biblia Si Woxlẽ Lé Ðe Mɔ̃ Dzia Zãma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èle Biblia Si Woxlẽ Lé Ðe Mɔ̃ Dzia Zãma?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Woxlẽ Lé Ðe Mɔ̃ Dzi—Ale Si Míazã Woe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Biblia Xlẽm Gbe Sia Gbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒea—Zãe Nàtsɔ Akpe Ðe Gbe Bubu Dolawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Èbu Nya Siawo Ŋu Kpɔa?
    Nyɔ!—2019
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 May axa 13
Fotoawo: Ame aɖewo le to ɖom Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi. 1. Nɔviŋutsu aɖe le gota eye wòtsɔ hasemɔ̃ de to le Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzia sem le eƒe asitelefon dzi. 2. Nyɔnu aɖe kple vianyɔnuvi le Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzia sem to mɔ̃ sue aɖe me eye wokplɔ nuxexlẽa ɖo le woƒe Biblia me. 3. Nɔvinyɔnu aɖe tsɔ hasemɔ̃ de to me le Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzia sem le eƒe asitelefon dzi esi wòɖo ʋu yina teƒe aɖe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Èle Biblia Si Woxlẽ Lé Ðe Mɔ̃ Dzia Zãma?

Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi. Wole Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzia ɖem ɖe go vivivi le gbegbɔgblɔ geɖe me ale si wòanya wɔ. Nu siwo ɖe dzesi le eŋu dometɔ ɖekae nye be wozã ame vovovowo ƒe gbe tsɔ xlẽ Bibliameme ɖe sia ɖe ƒe wɔƒe. Woxlẽa nyawo kple seselelãme kpakple gbeteteɖedzi nyuitɔ, si wɔnɛ be gɔmesese si tututu le Biblia me gbedeasia ŋua dzena kɔtɛ.

Aleke Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzia le vi ɖem na ame aɖewo? Ame geɖe siwo ɖoa toea kpɔa dzidzɔ ɖe ale si wònana Mawu ƒe Nyaa wɔa dɔ ɖe wo dziia ŋu. Wokpɔnɛ be ale si wozã ame vovovowo ƒe gbe tsɔ xlẽ Bibliameme ɖe sia ɖe ƒe wɔƒea, wɔnɛ be yewokpɔa Biblia me nudzɔdzɔwo le susu me nyuie wu eye nyawo hã me kɔna na yewo wu. (Lod 4:5) Ame geɖe hã kpɔnɛ be ne nu te ɖe yewo dzi eye yewoɖo toea, yewoƒe dzi dzea eme.—Ps 94:19.

Ne woxlẽ Mawu ƒe Nyaa míesea, ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. (2Kr 34:19-21) Eya ta ne woxlẽ Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe lé ɖe mɔ̃ dzi le gbe aɖe si nèse mea, ɖe manyo ŋutɔ be nànɔ to ɖomee edziedzi oa?

MIKPƆ VIDEO SI NYE ALE SI WOXLẼ BIBLIA LÉ ÐE MƆ̃ DZI—KPUITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si woxlẽ Biblia lé ɖe mɔ̃ dzi ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe