KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Miyi Edzi Mianɔ Ŋudzɔ Eye Miaxɔ Dzo Le Gbɔgbɔ Me Ne Nuwo Trɔ Na Mi
Mímate ŋu asi le tɔtrɔwo nu o, vevietɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me. (1Ko 7:31) Míele mɔ kpɔm nɛ alo míeɖale mɔ kpɔm nɛ o, tɔtrɔawo de mía dzi alo womede mía dzi o, woate ŋu ana míatɔtɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me alo agblẽ nu le mí kple Yehowa dome kadodoa ŋu. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ eye míaxɔ dzo le gbɔgbɔ me ne tɔtrɔwo va? Mikpɔ video si nye Míeli Ke Le Gbɔgbɔme Esime Míenɔ Ʋuʋum, eyome miaɖo biabia siawo ŋu.
Aɖaŋu kae nɔviŋutsu aɖe ɖo na vifofoa?
Aleke gɔmeɖose si le Mateo 7:25 la ku ɖe ƒomea ŋu?
Ðoɖo kae ƒomea wɔ do ŋgɔ hafi ʋu, eye aleke wòkpe ɖe wo ŋu?
Nu kae kpe ɖe ƒomea ŋu wotrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu le hame yeyea kple ame siwo le woƒe anyigbamamaa me ŋu?
Tɔtrɔ gã kawo mee meto nyitsɔ laa?
Aleke mate ŋu azã gɔmeɖose si le video sia me le nɔnɔme si me mele la me?