INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 December axa 7
  • Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Kpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Nu Nànɔ Agbe Ðoa Le JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 December axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã?

Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi be wòate ŋutsu kple nyɔnu aƒo ƒui ɖaa. (1Mo 2:22-24) Ahasiwɔwɔ dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo atso kadodo sia me. (Mal 2:16; Mt 19:9) Esi Yehowa di be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ta la, ena mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woatia ame si woaɖe la nyuie ale be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me.—Nyg 5:4-6.

MIKPƆ VIDEO SI NYE NU KAE NYE LƆLƆ̃ VAVÃ? DO ŊGƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Agbenyo le aɖaŋu ɖom na vianyɔnu Sela

    Nu ka tae aɖaŋu si nɔviŋutsu Agbenyo kple srɔ̃a Dzifa ɖo na wo vinyɔnu Sela la sɔ eye wòfia be wolɔ̃e?

  • Nu ka tae susu mele eme be nàsusui be yeate ŋu atrɔ ame si nèle zɔzɔm kpli be yeava ɖe la o?

  • Aɖaŋu nyui kae nɔviŋutsu Agbenyegã kple srɔ̃a Elikplim ɖo na Sela?

  • Zak kple Magi le hamea ƒe kpekpe aɖe me

    Nu ka tae kuxiwo do mo ɖa le Zak kple Magi dome?

  • Sela kple Eɖem le hamea ƒe kpekpe aɖe me

    Gbɔgbɔmetaɖodzinu ɖeka kae le Eɖem kple Sela si?

  • Nu ka tae wòle be nànya “dzi me ƒe ame ɣaɣla” si le ame si nèdi be yeaɖe la si hafi aka srɔ̃ɖetam nɛ? (1Pe 3:4)

  • Nu Kae Nye Lɔlɔ̃ Vavã? (1Ko 13:4-8)

Afi kae Kristotɔwo akpɔ mɔfiame bubu siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu le?

  • JW Nyakakadɔwɔƒe ƒe video siwo nye Dzadzraɖo Ðe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu ƒe nyatiwo

  • JW.ORG video si nye Lɔlɔ̃ Vavãe Loo Alo Lɔlɔ̃ Gbãŋkue?

  • Sɔhɛwo Biana Be . . . Gbalẽa, Babla 1 kple 2 (ele yevugbe me)

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo (Ʋu “Ƒomegbenɔnɔ,” eye nàyi “Gbeɖoɖoɖi Kple Zɔzɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe.”)

Afi kae srɔ̃tɔwo akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le?

  • JW.ORG nyatiwo (Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU.)

  • Agbalẽ gbadza, Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me

  • Agbalẽ, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo (Ʋu “Ƒomegbenɔnɔ,” eye nàyi “Srɔ̃ɖeɖe.”)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe