INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 September axa 7
  • “Minɔ Nu Siawo Ŋu Bum”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Nu Siawo Ŋu Bum”
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nu Siwo Ŋu Míebuna Do Ka Kple Nuteƒewɔwɔ?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Ŋugbledede
    Nyɔ!—2014
  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 September axa 7
Nɔviŋutsu aɖe le nane kpɔm le kɔmpiuta dzi le zã me eye dzata, si le tsitre ɖi na Satana, tɔ ɖe emegbe

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Minɔ Nu Siawo Ŋu Bum”

Nu kawo? Filipitɔwo 4:8 gblɔ be míanɔ nu siwo nye nyateƒe, dze na bubu, le dzɔdzɔe, le dzadzɛ, dze na lɔlɔ̃, woƒoa nu nyui le, nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la ŋu bum. Gake menye nu siwo ku ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu dzaa koe wòle be Kristotɔwo nabu o. Ke hã ele be nu siwo ŋu míebuna nanye nu si adze Yehowa ŋu. Ke menye be woana míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me nagbɔdzɔ o.—Ps 19:14.

Ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi be míaƒo asa na susu manyomanyowo. Menye míaƒe ŋutilã madebliboa koe wòle be míawɔ avu kplii o, ele be míawɔ avu kple Satana, si nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu” la hã. (2Ko 4:4) Esi wònye eyae kpɔ ŋusẽ ɖe nyakakamɔnuwo abe television, radio, internet kple agbalẽwo ene dzi ta la, nu siwo dzena le nyakakamɔnu siawo me la medea ame dzi tututu o. Eya ta ne míetia nu siwo míatsɔ ade míaƒe susu me nyui o la, míaƒe nuŋububu ava gblẽ, eye vivivi la, ava kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi.—Yak 1:14, 15.

MIKPƆ VIDEO SI NYE TSRI NU SIWO GBLẼA NUTEƑEWƆWƆ ME—MODZAKAÐEÐE SIWO MESƆ O, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nɔviŋutsu aɖe le nu manyomanyo aɖe kpɔm le eƒe fon dzi le zãtiƒe

    Nu kawoe nɔviŋutsua kpɔna le eƒe fon dzi, eye ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe edzi?

  • Nɔviŋutsu aɖe gbe be yemaʋu internet dzi hahoo kadoƒe aɖe o

    Aleke Galatiatɔwo 6:7, 8 kple Psalmo 119:37 kpe ɖe eŋui?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe