INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 January axa 8
  • Ale Si Míazã Traktwo Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míazã Traktwo Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wotrɔ Asi Le Trakt Yeyeawo Ŋu Nyuie Ŋutɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Aleke Wòle Be Míazã Kpɔɖeŋudzeɖonyawoe?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 January axa 8
Nɔvinyɔnu aɖe le trakt si nye ‘Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia?’ zãm tsɔ le vomeɖase ɖim na nyɔnu aɖe le ʋutɔɖoƒe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míazã Traktwo Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme

Tso January 2018 dzi la, kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzena le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa ƒe ŋgɔgbe kpaa dzi. Wode dzi ƒo na mí be míaƒe susu nanɔ dzeɖoɖo kple amewo ŋu tsɔ wu be míanɔ agbalẽwo ko tsɔm na wo. Be woakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woatrɔ ɖe mɔnu sia ŋu la, wotrɔa asi le kpɔɖeŋudzeɖonyawo ƒe videowo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míazã Biblia ɖeɖe atsɔ adze dzeɖoɖowo gɔme. Gake ɖe esia fia be míagate ŋu azã agbalẽwo ne míele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me oa? Kura o! Le kpɔɖeŋu me, traktwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze dzeɖoɖo gɔme bɔbɔe. Míate ŋu azã mɔnu siwo gbɔna ne míele trakt-awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ wɔm:

  1. Bia nya si le trakt la ƒe ŋgɔgbe si ŋu woate ŋu aɖo le mɔ vovovowo nu la.

  2. Tsɔ ale si Biblia ɖo nya ma ŋui le axa evelia ƒe gɔmedzedze la fiae. Ne ɣeyiɣia aɖe mɔa, mixlẽ nya aɖe le trakt la me eye miadzro eme.

  3. Tsɔ trakt la na aƒemenɔlaa, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽe emegbe.

  4. Hafi nàdzo la, tsɔ nyabiase si le akpa si nye “Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ” te la fiae, eye nàwɔ ɖoɖo kplii be yewoava dzro ale si Biblia ɖo nya ma ŋui la me emegbe.

Trakt si nye ‘Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme?’ si ŋu woŋlɔ xexlẽdzesi ɖeka va ɖo ene ɖo si tɔ asi trakt la ƒe akpa aɖewo koŋ dzi.

Ne ètrɔ yi la, midzro ŋuɖoɖoa me eye nàgagblẽ nyabiase bubu si me miava dzro emegbe la ɖi. Àte ŋu atia nyabiase aɖe tso míaƒe nyatakakadzraɖoƒea alo agbalẽ si le trakt la ƒe megbe kpaa dzi la me. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, he amea ƒe susu yi Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! gbalẽ gbadzaa alo nusrɔ̃gbalẽ bubu aɖe si le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui me la dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe