INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 February axa 7
  • Ðe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe Le Vi Ðem Na Wòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe Le Vi Ðem Na Wòa?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Gbesiagbe Mawunyakpukpuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ƒome ƒe Tawo—Milé Gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi Nyui me Ðe Asi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Miwɔ Ðoɖowɔɖi si Asɔ na Ƒomea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ŋɔŋlɔawo Nuɖeɖe Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 February axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe Le Vi Ðem Na Wòa?

Ðe nèxlẽa Biblia kpukpui si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me kple eƒe numeɖeɖea ŋkeke sia ŋkeke be wòate wò ɖe Yehowa ŋua? Ne mèwɔnɛ o la, ɖe nàte ŋu adze egɔme anɔ ewɔm gbe sia gbea? Ame geɖe dzroa ŋɔŋlɔawo me le ŋdi me ale be yewoate ŋu anɔ ŋugble dem le emenyawo ŋu le ŋkekea me. (Yos 1:8; Ps 119:97) Nu kae nàwɔ be Biblia kpukpuia naɖe vi na wò geɖe wu? Xlẽ Biblia kpukpui siwo do ŋgɔ kple esiwo kplɔe ɖo be nànya nu si ŋu kpukpuia ku ɖo. Dze agbagba nàde ŋugble le Biblia me nudzɔdzɔ aɖe ŋu, si ana nàse gɔmeɖose si le ŋɔŋlɔa me gɔme. Azɔ wɔ gɔmeɖose ma ŋu dɔ le wò agbe me. Ne Mawu ƒe Nyaa kpɔa ŋusẽ ɖe wò nyametsotsowo dzi la, afia mɔ wò, eye wòaɖe vi na wò.—Ps 119:105.

Betel ƒomea me tɔ siwo le xexea me godoo la, dzoa Ŋɔŋlɔawo me gbe sia gbe le woƒe ŋdinuɖuɣiwo. Fifia wodaa numedzodzro siawo dometɔ geɖe ɖe JW Nyakakadɔwɔƒea le akpa si nye WƆNA VEVIWO KPLE WƆNA TƆXƐWO te. Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkpɔ wo dometɔ aɖewo? Ðewohĩ nu si ŋu woƒo nu tsoe la tututue nèhiã. Le kpɔɖeŋu me, aleke Lot ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nyametsotsowo dzi?

MIKPƆ VIDEO SI NYE MIGALƆ̃ XEXEA O (1YH 2:15), EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Biblia me gɔmeɖose ka dzie wotu Ŋditadedeagu Wɔnaa ƒe numedzodzro sia ɖo?

  • Aleke nuŋlɔɖi si ku ɖe Lot ŋu ɖee fia be afɔku le eme be míalɔ̃ xexea alo nu siwo le eme?—1Mo 13:12; 14:12; 19:3, 12, 13, 24-26

  • Aleke míaɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ke menye xexea alo nu siwo le eme o?

Foto: Nɔviŋutsu aɖe le ŋugble dem le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia kple eƒe numeɖeɖea ŋu le ŋkeke bliboa me. 1. Esi wòle exlẽm la, ele ekpɔm le susum be mawudɔlaa lé Lot kple eƒe ƒomea ƒe alɔnu be yeakplɔ wo woasi le Sodom. 2. Esi wònɔ ŋdɔnu ɖum le dɔmea, eganɔ nu siwo wòxlẽ le ŋdia me la ŋu bum. 3. Esi wòtrɔ va aƒe me le fiẽme la, eganɔ nu siwo wòxlẽ le ŋdia me la ŋu bum esime wòle nunyanyawo ŋem.

Aleke mate ŋu aɖee afia le ŋkeke bliboa me be medea asixɔxɔ Yehowa ƒe Nyaa ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe