KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ðe Gbeƒã Nya Nyuia Be Xexe Yeyea Tu Aƒe!
Le November mea, míadze agbagba etɔxɛe aɖe gbeƒã nya nyuia be xexe yeyea tu aƒe. (Ps 37:10, 11; Nyɖ 21:3-5) Trɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ sia me bliboe. Ne ède asi agbalẽ te be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti ma mea, àte ŋu atiae be yeana gaƒoƒo 30 alo 50.
Dzra ɖo nàxlẽ mawunyakpukpui aɖe si ƒo nu tso xexe yeyea ŋu na ame geɖe ale si wòanya wɔ. Ne èle kpukpui si nàxlẽ tiam la, bu eŋu kpɔ be ekae ado dzidzɔ na ame siwo le miaƒe anyigbamama me hã. Ne èdo go ame aɖe zi gbãtɔ eye wòɖe ɖetsɔleme fiaa, ke nɛ Gbetakpɔxɔ si míemana No. 2 2021. Ne anya wɔa, trɔ yi egbɔ kaba eye dze agbagba nàzã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa nàtsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be míakpɔ gome le “nu si nyo wu ŋuti nya nyui” la gbɔgblɔ me blilboe!—Yes 52:7.
MIKPƆ HAKPAKPA ƑE VIDEO SI NYE LE XEXE YEYEA ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Etsɔme nyui ka kpɔmee nyɔnuvi suea nɔ le susu me?
Nu kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie le xexe yeyea me?
Aleke ŋugbledede le nu si nèle mɔ kpɔm na ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo awɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa le November me bliboe?—Lk 6:45