INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 November axa 15
  • Fia Biblia Nusrɔ̃viwo Ale Si Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Biblia Nusrɔ̃viwo Ale Si Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woana Ƒomedodo Kplikplikpli Nanɔ Wo Kple Yehowa Dome
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Kpɔ Dzidzɔ Geɖe Le Wò Subɔsubɔdɔa Me—Bia Nyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Ðo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 November axa 15

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Fia Biblia Nusrɔ̃viwo Ale Si Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu

Be Biblia nusrɔ̃viwo nanya Yehowa eye woava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ele be woasrɔ̃ nu geɖe wu nyateƒenya siwo míefiana wo. (Mt 5:3; Heb 5:12–6:2) Ele be woanya ale si woawo ŋutɔ woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu le wo ɖokui si.

Tso gɔmedzedzea kea, fia wò Biblia nusrɔ̃viwo ale si woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, eye nàde dzi ƒo na wo be woanɔ esia wɔm. (mwb18.03 6) De dzi ƒo na wo be woado gbe ɖa hafi adzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Kpe ɖe wo ŋu woanya ale si woazã dɔwɔnu siwo míetsɔ srɔ̃a nui le mɔ̃ dzi kple ale si woawɔ ake ɖe nu yeye siwo dona le jw.org kple JW Nyakakadɔwɔƒea® ŋu. Nɔ ale si woaxlẽ Biblia gbe sia gbe, ale si woadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu, kple ale si woaku nu me ake ɖe nyabiase siwo le wo si ƒe ŋuɖoɖowo ŋua fiam wo vivivi. Kpe ɖe wo ŋu woade ŋugble le nu siwo srɔ̃m wolea ŋu.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPE ÐE WÒ BIBLIA NUSRƆ̃VIWO ŊU WOASRƆ̃ NU GEÐE TSO YEHOWA ŊU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu.” Dzidzɔ le lɔlɔ̃m ɖe edzi be nu siwo ɖo dzi gbɔ na yea dzie yeɖoa ŋkui.

    Aleke Rut kpe ɖe Dzidzɔ ŋu wòkpɔe be nusɔsrɔ̃ bia nu geɖe wu nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖo didi ko?

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu.” Rut le kpekpem ɖe Dzidzɔ ŋu be wòakpɔ ŋuɖoɖoa le mawunyakpukpui aɖe me.

    Nu kae kpe ɖe Dzidzɔ ŋu wòva lɔ̃ ɖe edzi be esɔ be Yehowa nade se ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu nu?

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woasrɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu.” Dzidzɔ nɔ anyi ɖe eƒe ahiãvi gbɔ eye ele ŋugble dem le mawunyakpukpui aɖe ŋu.

    Fia wò nusrɔ̃viwo ale si woasrɔ̃ nu be wòatsi dzi kple susu me na wo

    Aleke Dzidzɔ va se ŋugbledede gɔme?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe