INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 January axa 13
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Samuel Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Samuel Gbɔ
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Samuel Do Tadedeagu Vavã Ðe Ŋgɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Etsi Le Yehowa Gbɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • ‘Enɔ Tsitsim Le Yehowa Gbɔ’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Nuwo Meyi Abe Ale Si Wòkpɔ Mɔe Ene O, Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 January axa 13
Fotoawo: Wota wo tso video sia me: “Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Samuel.” 1. Mawuli. 2. Samuel, esi wònye ɖevi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Samuel Gbɔ

Samuel wɔ nuteƒe na Yehowa le eƒe agbe me katã. Le eƒe ɖevimea, mesrɔ̃ nu gbegblẽ siwo Eli viŋutsu siwo nye Hofni kple Finehas nɔ wɔwɔm la o. (1Sa 2:22-26) Yehowa nɔ kplii esi wònɔ tsitsim. (1Sa 3:19) Esi wòku amegã hã, eyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, gake viawo ya mewɔe nenema o.—1Sa 8:1-5.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Samuel ɖo ɖia me? Ne ɖevie nènyea, ka ɖe edzi be Yehowa nya nu siwo le fu ɖem na wò kple ale si nèsena le ɖokuiwò me. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò. (Yes 41:10, 13) Ne dzilae nènye eye viwò dzudzɔ Yehowa subɔsubɔa, wò dzi nedze eme, elabe abe Samuel enea, màte ŋu azi viwòwo dzi be woasubɔ Yehowa o. Samuel gblẽ eƒe nyawo ɖe Yehowa si me, eye wòyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tsɔ do dzidzɔ na Fofoa si le dziƒo. Ðewohĩ kpɔɖeŋu nyui siwo nèɖona aʋã viwòa wòatrɔ ava Yehowa gbɔ.

• MIKPƆ VIDEO SI NYE SRƆ̃ NU TSO WOƑE KPƆÐEŊUA ME—SAMUEL, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Samuel.” Samuel ɖevi la lɔ nake ɖe asi le avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu.

    Aleke Samuel wɔ nu dzinɔameƒotɔe le eƒe ɖevime?

  • Fotoa tso video sia me: “Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Samuel.” Mawuli yi foa gbɔ eye wòle nu ƒom nɛ tso nu gbegblẽ siwo wɔm wòle le bebe mea ŋu.

    Aleke Mawuli wɔ nu dzinɔameƒotɔe?

  • Fotoa tso video sia me: “Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Samuel.” Nyagblɔɖila Samuel, esi wòku tɔgbui.

    Kpɔɖeŋu nyui kae Samuel ɖo ɖi esi wòtsi ku amegã?

  • Fotoa tso video sia me: “Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Samuel.” Mawuli dzilawo, esi woawo kple Mawuli wowɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa vɔ.

    Yehowa kpena ɖe ame siwo léa nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi la ŋu

    Kpɔɖeŋu nyui kae Mawuli dzilawo ɖo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe