NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME
Saul Bɔbɔ Eɖokui Le Gɔmedzedzea Me
Saul bɔbɔ eɖokui eye wònɔ hehem ɖe megbe esi wodi be woaɖoe fia (1Sa 9:21; 10:20-22; w20.08 10 ¶11)
Esi amewo gblɔ nya manyomanyowo ɖe eŋua, mewɔ nu ɖe wo ŋu le dziku me o (1Sa 10:27; 11:12, 13; w14 3/15 9 ¶8)
Saul wɔ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame dzi (1Sa 11:5-7; w95 12/15 10 ¶1)
Ðokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu míabu míaƒe ŋutetewo kple mɔnukpɔkpɔ siwo sua mía si la be wonye nunana tso Yehowa gbɔ. (Ro 12:3, 16; 1Ko 4:7) Gawua, ne míebɔbɔa mía ɖokuia, míayi edzi anɔ Yehowa sinu kpɔm be wòafia mɔ mí.