INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 May axa 7
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèdzra Ðoa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nɔ Dzadzraɖo Ði Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Mamlɛ Siawo Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woadzra Ðo Do Ŋgɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 May axa 7
Ƒome aɖe le ale si ʋunyaʋunya le edzi yim le dukɔa mea kpɔm le TV dzi. Akplo si me wode nu vevi aɖewoe le woƒe axa dzi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?

Esi xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum taa, míenya be ɖeko nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze, ʋunyaʋunyawo kple aʋawɔwɔ adzi ɖe edzi. (Nyɖ 6:4) Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo ava ŋu?

  • Dzra ɖo le gbɔgbɔ me: De dzesi Biblia me nudzɔdzɔ kple gɔmeɖose siwo nana nègakana ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi, kple esiwo kpena ɖe ŋuwò be medea akpa aɖeke dzi o. (Lod 12:5; jr 125-126 ¶23-24) Ele be míana mía kple nɔvi siwo le hamea me dome nanɔ kplikplikpli fifia wu tsã.—1Pe 4:7, 8

  • Dzra ɖo le ŋutilãme: Wɔ ɖoɖo ɖe ale si nàwɔ anɔ dedie kple nu siwo nàhiã ne edzɔ be nàtsi teƒe ɖeka ŋu. Eye wɔ ɖoɖo ɖe nu si nàwɔ ne eva hiã be nàʋu hã ŋu. De ga kple nuhiahiã veviwo akplo me da ɖi eye nɔ ekpɔm ɖa be nu bubu kawoe agahiã hã. Nya ale si nàwɔ ake ɖe hamemetsitsiawo ŋu, eye kpɔ egbɔ be woawo hã wonya ale si woawɔ ake ɖe ŋuwò.—Yes 32:2; g17.5 3-7

Ne ʋunyaʋunya le edzi yima, lé wò gbɔgbɔmeɖoɖowo me ɖe asi. (Flp 1:10) Mèganɔ dodom edziedzi o negbe ɖe nèle ʋuʋum. (Mt 10:16) Ma nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo kple nɔviwo.—Ro 12:13.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE NÈDZRA ÐO ÐE AFƆKU ŊUA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne afɔku dzɔ?

  • Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔku ŋu?

  • Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖoa ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe