INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 May axa 5
  • Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèdzra Ðoa?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nɔ Dzadzraɖo Ði Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Mamlɛ Siawo Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Dukɔa Me Ʋunyaʋunyawo Ŋua?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 May axa 5

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèdzra Ðo Ðe Ganyawo Ƒe Sesẽ Ŋua?

Ne xexemenudzɔdzɔwo wɔe be ganyawo va le sesẽm le xexea ƒe teƒe vovovowoa, mewɔa nuku na mí o. Nu ka tae? Nu si tae nye be míele ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi, eye Biblia xlɔ̃ nu mí be míagatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ aɖo “kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o” la dzi o. (1Ti 6:17; 2Ti 3:1) Aleke Fia Yehosafat ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe ganyawo ƒe sesẽ ŋu?

Esi dukɔwo ho aʋa ɖe Mawu ƒe amewo ŋua, Yehosafat ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (2Kr 20:9-12) Azɔ hã, edzra dukɔa ɖo do ŋgɔ esi wòtso du sesẽwo eye wòtsɔ asrafohawo ɖo dukɔa ƒe teƒeteƒewo. (2Kr 17:1, 2, 12, 13) Abe Yehosafat enea, ele be míawo hã míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míaɖe afɔ siwo hiã atsɔ adzra ɖo ɖe ɣeyiɣi sesẽwo ŋu.

NU KAE MÍATE ŊU AWƆ ATSƆ ADZRA ÐO ÐE GANYAWO ƑE SESẼ ŊU?

Na wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli: Na nu siwo le asiwò nadze ŋuwò, eye nàka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ wò gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na wò. (Mt 6:26; 1Ti 6:8) Ðoe kplikpaa be yemada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi gbeɖe kple susu be yeakpɔ nuhiahiã mawo o. (Ro 2:21) Bu nu si nàwɔ be nàyi edzi anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu kpɔm nenye be elektrikkaɖi alo Internet tsò hena ɣeyiɣi aɖea ŋu. Na míaƒe agbalẽwo ƒe ɖewo nanɔ alɔdzi na wò, eye ne anya wɔa, he mɔ̃dzitɔwo hã da ɖi.

Ðe afɔ siwo ana nàkpɔ wò nuhiahiã veviwo: Hafi ganyawo ƒe sesẽ nava do mo ɖa la, ƒo asa na nu siwo mehiã oa ƒeƒle eye nàɖe fenyinyi dzi akpɔtɔ. (Lod 22:7) Ne anya wɔa, dzra nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubu aɖewo ɖo. Ame aɖewo hã adi be yewoawɔ amagbebɔ si awɔe be woaɖe gazazã dzi akpɔtɔ.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐE NÈDZRA ÐO ÐE AFƆKU ŊUA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

Fotoa tso video sia me: “Ðe Nèdzra Ðo Ðe Afɔku Ŋua?” Biblia, akplo aɖe si me nuhiahiã veviwo le, asitelefon, kple xɔtudɔlawo.
  • Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔku ŋu?

Fotoa tso video sia me: “Ðe Nèdzra Ðo Ðe Afɔku Ŋua?” Nɔviwo le xɔtunuwo ɖem tso ʋu me eye ɖewo le xɔtudɔ wɔm tsɔ le kpekpeɖeŋu nam ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo.
  • Nu kae míawɔ ale be míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu?

TAÐODZINU

Midzro Nyɔ! No. 1 2022 me le miaƒe ƒometadedeagu me. Midzro nu bubu siwo miate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe afɔkuwo ŋua me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe