INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 March axa 13
  • Ale Si Míazã Biblia Nusɔsrɔ̃ Ƒe Videowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míazã Biblia Nusɔsrɔ̃ Ƒe Videowo
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Zã Nusiwo Wokpɔna la Tsɔ Fia Nui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Aleke Biblia Nusɔsrɔ̃ Si Yehowa Ðasefowo Wɔna Kple Amewo La Le?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 March axa 13
Nɔvinyɔnu aɖe le video si nye “Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?—Diditɔ” ɖem na nyɔnu aɖe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míazã Biblia Nusɔsrɔ̃ Ƒe Videowo

Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe video ene ye le mía si míezãna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Susu ka tae wotrɔ asi le video siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu?

  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?—Diditɔ: Wotrɔ asi le video sia ŋu be wòana amewo nadi be yewoasrɔ̃ Biblia nu ka ke dzie woxɔ se o. Edea dzi ƒo na ekpɔlawo be woadi agbemebiabia veviwo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me, eye eƒo nu tso ŋuɖoɖo mawo ƒe ɖewo hã ŋu. Egblɔ nu si ame awɔ ne edi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? (eƒe kpuitɔ): Enye diditɔa ƒe akpa vi aɖe ko, gake emenyawo de sɔsɔ ge kple wo nɔewo. Ate ŋu aɖe vi le anyigbamama siwo me vovo menɔa amewo ŋu o me.

  • Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e?: Wotrɔ asi le eŋu be wòana amewo natsɔ ɖe le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me, eye eɖo biabia aɖewo siwo ate ŋu anɔ wo si ku ɖe eŋua ŋu. Egblɔ nu si ame awɔ ne edi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

  • Enyo Ŋutɔ Be Nèdi Be Yeasrɔ̃ Biblia!: Wotrɔ asi le eŋu be míaɖee na Biblia nusrɔ̃viwo. Togbɔ be video sia dze le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe axa evelia hãa, míate ŋu aɖee ne míele Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa me dzrom kpli wo. Videoa ƒo nu tso nu siwo nusrɔ̃via asrɔ̃ le agbalẽa me kple ale si numedzodzroa ayii ŋu.

Togbɔ be susu aɖe koŋ tae wotrɔ asi le video siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hãa, míate ŋu aɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe alo aɖoe ɖe amewo le ale si nɔnɔmea bia nu. Míele dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo be woanya video siawo nyuie eye woazã wo ale si dze le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe