INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 February axa 32
  • Di Kesinɔnu Siwo Ŋu Dɔ Nàte Ŋu Awɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Di Kesinɔnu Siwo Ŋu Dɔ Nàte Ŋu Awɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 1: Ale Si Nàxlẽ Wò Bibliae
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Tsɔ Nu Siwo Nèsrɔ̃ Do Ŋusẽ Ame Bubuwo Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 February axa 32

TE ESIA KPƆ

Di Kesinɔnu Siwo Ŋu Dɔ Nàte Ŋu Awɔ

Ne míele Biblia xlẽm la, míate ŋu aku nu me ake ɖe nu xɔasi siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu. Gake aleke nàwɔ be wòaɖe vi na wò bliboe?

Ku nu me: Ku nu me tsitotsito tso nu si nèxlẽa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dze agbagba nànya ame si ŋlɔ nua, ame si wòŋlɔe na kple ɣeyiɣi si me wòŋlɔe. Aleke nɔnɔmeawo nɔ? Nu kae dzɔ do ŋgɔ? Eye nu kae dzɔ kplɔe ɖo?

De dzesi nufiameawo: Ku nu me tso biabia siawo tɔgbi ŋu: ‘Aleke ame siwo ŋu nyaa ku ɖo se le wo ɖokui me? Nɔnɔme kawoe woɖe fia? Nu ka tae wòle be masrɔ̃ nɔnɔme mawo alo aƒo asa na nɔnɔme mawo?’ Esia akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ nufiameawo.

Wɔ ɖe nufiameawo dzi: Ðewohĩ àte ŋu awɔ nu siwo nèsrɔ̃ ŋu dɔ le gbeadzi alo ne èle nu wɔm kple amewo. Ne èwɔe alea, àɖee afia be mawumenunya le ye si, abe ale si Biblia ŋutɔ gblɔe ene be: ‘Ame si nye nunyala awɔ ɖe nu siawo dzi.’—Ps. 107:43.

  • Te mɔnu sia kpɔ: De dzesi ale si kwasiɖa domedome kpekpea ƒe akpa si nye Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nyaa Me kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu siwo míesrɔ̃a dzi. Zi geɖea, nya siwo míate ŋu abia mía ɖokuiwo, nya siwo ŋu míate ŋu ade ŋugble le, kple nɔnɔmetatawo kpena ɖe akpa sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe