INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 July axa 32
  • Tsɔ Nu Siwo Nèsrɔ̃ Do Ŋusẽ Ame Bubuwo Hã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsɔ Nu Siwo Nèsrɔ̃ Do Ŋusẽ Ame Bubuwo Hã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Di Kesinɔnu Siwo Ŋu Dɔ Nàte Ŋu Awɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Gomekpɔkpɔ le Gbɔgbɔmenuwo Me Ana Míakpɔ Gbɔdzɔe Na Míaƒe Luʋɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Aleke Nàwɔ Agblɔ Nya Nyuia Na Amewo?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 July axa 32

TE ESIA KPƆ

Tsɔ Nu Siwo Nèsrɔ̃ Do Ŋusẽ Ame Bubuwo Hã

Ne míesrɔ̃ Biblia la, míaƒe dzi dzea eme. Gake míekpɔa dzidzɔ wu ne míegblɔ nu siwo míesrɔ̃ si te mí ɖe Yehowa ŋu la na ame bubuwo. Lododowo 11:25 gblɔ be: “Ame si naa amewo ƒe dzi dzea eme la, woana eya hã ƒe dzi nadze eme.”

Ne míegblɔ nu siwo míesrɔ̃ la na ame bubuwo la, ana míaɖo ŋku nya veviawo dzi bɔbɔe eye wòana ale si míese egɔmee la nagade to ɖe edzi. Esi wònye nu vevi siwo ŋu míeke ɖo ate ŋu aɖe vi na amewo ta la, dzi adzɔ mí ne míegblɔe na wo.—Dɔw. 20:35.

Te Mɔnu Sia Kpɔ: Le kwasiɖa si gbɔna me la, wɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu dɔ nàgblɔ nu siwo nèsrɔ la na ame aɖe. Amea ate ŋu anye wò ƒometɔ, nɔvi aɖe le hamea me, wò dɔwɔhati, sukuhati, aƒelika, alo ame aɖe si nèdo goe le gbeadzi. Gblɔ nu vevi siwo nèsrɔ̃ la kpuie na amea le wò nyagbewo me eme nakɔ.

Ðo ŋku nya vevi sia dzi: Gblɔ nu siwo nèsrɔ̃ nàtsɔ ade dzi ƒo na amewo, ke menye be nàtsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzi wòanye be ènya nu geɖe o.—1 Kor. 8:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe