INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 October axa 32
  • Gbugbɔ To Nya Veviawo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbugbɔ To Nya Veviawo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Veviawo Nadze Ƒã
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nuƒogbalẽ Ŋɔŋlɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Akpa 2—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 October axa 32

TE ESIA KPƆ

Gbugbɔ To Nya Veviawo Me

Ðe wòsesẽ na wò kpɔ be nàɖo ŋku nu si nèsrɔ̃ dzia? Edzɔna ɖe mí katã dzi ɣeaɖewoɣi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Eyae nye be míagbugbɔ ato nya veviawo me.

Ne èle nu srɔ̃m la, anyo be sẽe kple sẽe la, nàtɔ ade ŋugble le nya vevi siwo nède dzesii la ŋu. Apostolo Paulo kpe ɖe ame siwo axlẽ eƒe lɛtaa ŋu be woawɔ alea esi wògblɔ be: “Nya vevitɔ si le nya si gblɔm míele me lae nye esi.” (Heb. 8:1) Eto esia me kpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu be woase yeƒe nyawo gɔme eye woakpɔ ale si nya siwo katã yegblɔ la wɔ ɖeka kple nyati vevi si ŋu yele nu ƒom tsoe.

Àte ŋu azã miniti ewo le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe atsɔ ade ŋugble le nya veviawo ŋu alo agbugbɔ ato wo me. Ne mète ŋu ɖo ŋku wo katã dzi o la, ke gakpɔ tanya sueawo alo nyafɔkpe gbãtɔ si le memama ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nya veviawo dzi. Ne ède dzesi nufiame yeye aɖe le nu si nèsrɔ̃ mea, dze agbagba nàɖe eme le wò ŋutɔ wo nyagbewo me. Nya veviawo me toto awɔe be wò ŋkuɖoɖonudzi nanyo ɖe edzi eye wòanɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔ ale si nu si nèsrɔ̃ la ka wòe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe