Ale Si Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Gblẽa Nu Le Mí Katã Ŋui
“Ʋunyaʋunya siwo le edzi yim le xexea me egbea la sɔ gbɔ wu esiwo yi edzi tso esime Xexemeʋa Evelia wu enu, eye ele nu gblẽm le ame miliɔn akpe eve sɔŋ ŋu. Ame siwo le anyigba dzi ƒe akpa ɖeka le ene me la le teƒe siwo ʋunyaʋunyawo yia edzi le.”
Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔlagã Ƒe Kpeɖeŋutɔ Amina J. Mohammed, January 26, 2023.
Aʋawɔwɔ alo ʋunyaʋunya ate ŋu ayi edzi le teƒe siwo ŋutifafa le gɔ̃ hã. Eye woate ŋu agblẽ nu le ame siwo le teƒe bubu siwo aʋa mele dzɔdzɔm le o gɔ̃ hã ŋu. Ne aʋaa ke hã la, nu siwo wògblẽ la nɔa anyi eteƒe didina. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ:
Nuɖuɖu ƒe veve. Xexea Me Ƒe Nuɖunyawo Gbɔkpɔha gblɔ be: “Aʋawɔwɔ koŋue na dɔ le amewo wum; ame siwo dɔ wuna le xexea me la ƒe memama 70 le alafa me le teƒe siwo aʋawɔwɔ le edzi yim le.”
Amewo léa susumedɔ eye womenɔa lãmesẽ me o. Vɔvɔ̃ be aʋa adzɔ, kple ale si wòagblẽ nu le amewo ƒe dedienɔnɔ ŋu ate ŋu awɔe be nu nate ɖe wo dzi eye woatsi dzimaɖi vevie. Nuvevi ate ŋu awɔ ame siwo le aʋawɔnyigbawo dzi, eye woate ŋu alé susumedɔwo bɔbɔe wu hã. Gake nublanuitɔe la, kɔdzi siwo woakpɔ wo gbɔ le la mesɔ gbɔ ɖe teƒe mawo o.
Amewo sina le wo nɔƒewo. Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔdzikpɔhagã Na Sitsoƒedilawo ka nya ta be kaka September 2023 naɖo la, ame miliɔn 114 kple edzivɔ le xexea me godoo ye si dzo le wo nɔƒewo. Aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya koŋ gbɔe esia tso.
Ganyawo ƒe sesẽ. Aʋawɔwɔ wɔnɛ be ganyawo medea amewo dzi kura o, eye nuwo ƒe asi yia dzi bobobo. Amewo kpea fu le esi dziɖuɖua zãa ga geɖe ɖe asrafowo ŋu tsɔ wu be wòazãe ɖe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ kple sukudenyawo ŋu. Eye wozãa ga geɖe ŋutɔ hafi te ŋu ɖɔa nu siwo aʋa gblẽ la ɖo.
Egblẽa nu le anyigba ŋu. Ne woɖoe koŋ gblẽ dzɔdzɔmenu siwo léa agbe ɖe te dome la, ewɔnɛ be amewo kpea fu. Ne aɖi ge ɖe tsi, ya si míegbɔna kple anyigbaa me la, awɔe be amewo nalé dɔ vovovowo. Eye bɔmb siwo woɖi ɖe to me la ate ŋu ava gblẽ nu le amewo ŋu ɣeyiɣi didi aɖe le aʋaa megbe.
Eme kɔ ƒãa be aʋawɔwɔ hea kuxi geɖe vanɛ eye wònana wogblẽa ga geɖe.