Amegbetɔwo mate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu o
Ale Si Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Nu Ayii
Biblia gblɔ be Mawue “[atsi] aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi,” ke menye amegbetɔwo o.—Psalmo 46:9.
MAWU AÐE AMEGBETƆWO ƑE DZIÐUÐUWO ÐA
Mawu ato aʋa si Biblia yɔ be Armagedon dzi aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa.a (Nyaɖeɖefia 16:16) Ɣemaɣi la, woaƒo “anyigba blibo la dzi fiawo” nu ƒu hena “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14) Armagedon ye nye aʋa si Mawu awɔ atsɔ atsi aʋawɔwɔwo katã nu.
Mawu ana eƒe Fiaɖuƒe alo dziɖuɖu naxɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe; eƒe Fiaɖuƒea aɖu dzi tso dziƒo eye matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. (Daniel 2:44) Mawu tia Via, Yesu Kristo, be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Yesaya 9:6, 7; Mateo 28:18) Dziɖuɖu mae nye Fiaɖuƒeb si Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia. (Mateo 6:9, 10) Dziɖuɖu ma si ƒe Fiae nye Yesu la ɖeka koe aɖu anyigba bliboa dzi eye amegbetɔwo katã awɔ ɖeka abɔbɔ ɖe ete.
Yesu mazã eƒe ŋusẽ atsɔ adi eɖokui tɔ, abe ale si amegbetɔ dziɖulawo wɔnɛ ene o. Esi wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe eye mekpɔa ame ŋkume o ta la, mahiã be ame aɖeke natsi dzi be womawɔ nu ɖe ye ŋu nyuie le esi yetso to alo dukɔ aɖe me ta o. (Yesaya 11:3, 4) Mahiã be amewo nagawɔ avu hafi nu siwo wodze na la nasu wo si o. Nu ka tae? Elabe Yesu akpɔ ame sia ame ƒe hiahiãwo gbɔ nɛ ɖekaɖeka. “Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. . . . Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12-14.
Mawu Fiaɖuƒea aɖe aʋawɔnu dziŋɔwo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ. (Mika 4:3) Aɖe ame vɔ̃ɖi siwo ɖoe koŋ gbe be yewomadzudzɔ aʋawɔwɔ o eye wole ame bubuwo ƒe ŋutifafa dome gblẽm la hã ɖa. (Psalmo 37:9, 10) Ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo anɔ dedie le afi sia afi si woayi le anyigba dzi.—Ezekiel 34:28.
Agbea ade ame sia ame dzi le Mawu ƒe dziɖuɖua te. Fiaɖuƒea aɖe kuxi siwo hea masɔmasɔ kple avuwɔwɔ vanɛ, abe ahedada, dɔwuame kple aƒemanɔamesi ene ɖa. Ame sia ame aɖu nu siwo me nunyiame le eye woanɔ aƒe siwo dzidzeme le la me.—Psalmo 72:16; Yesaya 65:21-23.
Le Mawu Fiaɖuƒea te la, woaɖɔ nu siwo katã aʋawɔwɔ gblẽ la ɖo keŋkeŋ. Esia ƒe ɖewoe nye ale si wògblẽ nu le amewo ƒe ŋutilã, susu kple seselelãme ŋu. Woafɔ ame siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi. (Yesaya 25:8; 26:19; 35:5, 6) Ƒomewo agawɔ ɖeka eye womagaɖo ŋku nu dziŋɔ siwo dzɔ le aʋawɔwɔwo me la dzi o, elabe “nu siwo nɔ anyi tsã la nu [ava] yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
MAWU AÐE NU VƆ̃ ÐA
Mawu Fiaɖuƒea ana amewo nawɔ ɖeka asubɔ Mawu vavã ɖeka la, si nye Yehowa,c “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu” la. (2 Korintotɔwo 13:11) Amewo asrɔ̃ ale si woanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me. (Yesaya 2:3, 4; 11:9) Ame siwo aɖo to Mawu la ade blibo eye woavo tso nu vɔ̃ si me.—Romatɔwo 8:20, 21.
MAWU AÐE SATANA KPLE EƑE GBƆGBƆ VƆ̃WO ÐA
Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ ame siwo le megbe na aʋawɔwɔ, siwo nye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Nyaɖeɖefia 20:1-3, 10) Esi womagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi o ta la, “ŋutifafa axɔ aƒe” ɖi.—Psalmo 72:7.
Àte ŋu aka ɖe edzi be ŋugbe si Mawu do be yeaɖe aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya ɖa la ava eme godoo. Ŋutetea le esi be wòaɖe aʋawɔwɔ ɖa eye edi vevie be yeawɔe hã.
Ŋusẽ kple nunya si hiã be woatsɔ atsi aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya nu la le Mawu si. (Hiob 9:4) Naneke meli si mate ŋu awɔ o.—Hiob 42:2.
Etena ɖe Mawu dzi ne ekpɔ amewo wole fu kpem. (Yesaya 63:9) Eye “eléa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.”—Psalmo 11:5.
Mawu wɔa eƒe nyawo dzi ɣesiaɣi; mate ŋu aka aʋatso o.—Yesaya 55:10, 11; Tito 1:2.
Le etsɔme la, Mawu ahe ŋutifafa vavãtɔ si anɔ anyi ɖaa la vɛ.
Mawu aɖe aʋawɔwɔ ɖa
a Kpɔ nyati si nye “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?” le jw.org.
b Kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? le jw.org.
c Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.