Nu Si Tae Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Kpɔtɔ Le Edzi Yim
Biblia na míenya nu siwo koŋ gbɔe aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya tsona kple susu siwo tae wokpɔtɔ le edzi yim.
NU VƆ̃
Mawu wɔ mía dzila gbãtɔ, Adam kple Xawa, ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:27) Esia fia be woaɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo, siwo dometɔ aɖewoe nye ŋutifafa kple lɔlɔ̃, afia le woƒe nuwɔnawo me. (1 Korintotɔwo 14:33; 1 Yohanes 4:8) Ke hã, Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu hewɔ nu vɔ̃. Esia wɔe be mí katã míenyi nu vɔ̃ kple ku dome. (Romatɔwo 5:12) Nu vɔ̃ si dome míenyi la nana míebua nu siwo mesɔ o ŋu, eye esia wɔnɛ be ame geɖewo wɔa nu gbegblẽ hesẽa ŋuta le amewo ŋu.—1 Mose 6:5; Marko 7:21, 22.
AMEGBETƆWO ƑE DZIÐUÐUWO
Mawu mewɔ amegbetɔ be wòaɖu ehavi amegbetɔ dzi o. Biblia gblɔ be: “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yeremiya 10:23) Esia ta, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu aɖe aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ɖa keŋkeŋ o.
SATANA KPLE EƑE GBƆGBƆ VƆ̃WO
Biblia na míenya be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) “Vɔ̃ɖitɔ” mae nye Satana Abosam; enye amewula si vɔ̃ɖi ŋutɔ. (Yohanes 8:44) Eya kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi bubuwoe le megbe na aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.
Míate ŋu aɖe nu siwo koŋ gbɔ aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunya tsona la ɖa o, gake Mawu ate ŋui.