AspctStyle/stock.adobe.com
Yesu Atsi Aʋawɔwɔwo Nu
Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, elɔ̃ amewo vevie, eye wòtsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta gɔ̃ hã. (Mateo 20:28; Yohanes 15:13.) Madidi o, agaɖee afia be yelɔ̃ amewo vevie ne ezã ŋusẽ si le esi abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene tsɔ ‘tsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’—Psalmo 46:9.
De dzesi ale si Biblia ɖɔ nu si Yesu awɔ:
“Aɖe ame dahe si le ɣli dom be woaxɔ na ye la, kple ame tsɛ kpakple ame si si xɔnametɔ aɖeke mele o la. Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:12-14.
Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yesu wɔ kple esiwo wòava wɔ na mí la ta? Nu siwo míate ŋu awɔ dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu geɖe tso “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui,” si wòva ɖe gbeƒãe la ŋu. (Luka 4:43) Xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?”