panitan/stock.adobe.com
Yesu Aɖe Ahedada Ða
Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, elɔ̃ amewo ale gbegbe, vevietɔ ame siwo da ahe eye nu te ɖe wo dzi. (Mateo 9:36) Etsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta gɔ̃ hã. (Mateo 20:28; Yohanes 15:13) Madidi o, agaɖee afia be yelɔ̃ amewo vevie ne ezã ŋusẽ si le esi abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene tsɔ ɖe ahedada ɖa le anyigba bliboa dzi.
Biblia gblɔ nu si Yesu ava wɔ wònya se ale:
“Neʋli dukɔ la ƒe ame tsɛwo ta, nexɔ na ame dahewo ƒe viwo.”—Psalmo 72:4.
Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yesu wɔ kple esiwo wòava wɔ na mí la ta? Nu siwo míate ŋu awɔ dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu tso “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui,” si wòva ɖe gbeƒãe la ŋu. (Luka 4:43) Xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?”