alfa27/stock.adobe.com
Yesu Ava Ðe Nu Vlo Wɔwɔ Ða
Yesu nya ale si nu vlo wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nana ame kpea fu. Wotso enu alakpatɔe, woƒoe madzemadzee, wodrɔ ʋɔnu madzɔmadzɔ nɛ, wotso kufia nɛ eye wowui ŋutasesẽtɔe. Togbɔ be mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o hã la, elɔ̃ faa tsɔ ‘eƒe agbe na be wòanye tafe na ame geɖewo.’ (Mateo 20:28; Yohanes 15:13) Fifia la, enye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, eye eteƒe madidi o, ana nu dzɔdzɔe wɔwɔ naxɔ anyigba bliboa dzi eye wòaɖe nu vlo wɔwɔ ɖa tegbee.—Yesaya 42:3.
Biblia na míenya ale si nuwo anɔ le xexea me ne Yesu va wɔ nu siawo. Egblɔ be:
“Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o; àdi wo le wo nɔƒe, ke womaganɔ afi ma o. Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.
Aleke míate ŋu aɖee afia be míeda akpe ɖe nu siwo katã Yesu wɔ kple esiwo wòava wɔ na mí la ta? Nu siwo míate ŋu awɔ dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu geɖe tso “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui,” si wòva ɖe gbeƒãe la ŋu. (Luka 4:43) Xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?”