Rui Almeida Fotografia/Moment via Getty Images
NƆ ŊUDZƆ!
Amewo Le Nu Vlo Wɔm Le Dunyahehe Ta—Nya Kae Biblia Gblɔ?
Nu vlo wɔwɔ ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu va bɔ ŋutɔ.
Nu ka tae amewo le nu vlo wɔm le dunyahehe ta alea gbegbe egbea? Ðe enu ayi gbe ɖeka? Nya kae Biblia gblɔ?
Biblia gblɔe ɖi be amewo dome ama le dunyahehe ta
Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣia, si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me la, ame akpa gãtɔ ƒe nuwɔnawo ado ŋutasesẽ kple mama dede amewo me ɖe ŋgɔ.
“Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye . . . ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, . . . ame wɔadãwo, . . . yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.”—2 Timoteo 3:1-4.
Biblia gblɔe ɖi hã be nanewo adzɔ le míaƒe ŋkekea me siwo ahe zitɔtɔ vɛ. Le kpɔɖeŋu me, amewo alɔ gbɔ atsɔ atsi tre ɖe dziɖuɖuwo ŋu eye dunyahehe ade mama amewo me. (Luka 21:9, etenuŋɔŋlɔ) Ke hã, nu siawo mayi edzi ɖaa o.
Ale si amewo le nu vlo wɔm le dunyahehe ta la nu ava yi
Biblia gblɔ be Mawu ana eya ŋutɔ ƒe dziɖuɖu si wòɖo anyi le dziƒo la nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.
“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si . . . agbã fiaɖuƒe [siwo li egbea la] katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Mawu Fiaɖuƒea ana amewo katã nawɔ ɖeka eye wòana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi le xexea me godoo.
Fiaɖuƒe ma ƒe Fia Yesu Kristo, si woyɔ be “Ŋutifafafia” la, akpɔ egbɔ be “seɖoƒe manɔe na ŋutifafa” le eƒe dziɖuɖua me o.—Yesaya 9:6, 7.
Fifia gɔ̃ hã la, Fiaɖuƒe sia teviwo le ale si woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me srɔ̃m. Eye Biblia gblɔ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Yesaya 2:3, 4.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Na Mí?” eye nàkpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?