INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwfq nyati 20
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Lɔ̃na Wowɔa Atike Na Woa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yehowa Ðasefowo Lɔ̃na Wowɔa Atike Na Woa?
  • Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Lɔ̃na Be Woawɔ Atike Na Yewoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Atikewɔwɔ si Nàtia—Ðe Wòle Veviea?
    Nyɔ!—2001
  • Èle Ewɔwɔ Hem Ðe Megbea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Atikewɔwɔ Ŋuti Hiahiã Kpatawo Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
ijwfq nyati 20

Ðe Yehowa Ðasefowo Lɔ̃na Wowɔa Atike Na Woa?

Ɛ̃, mí Yehowa Ðasefowo míenoa atike, eye míelɔ̃na wowɔa atike na mí le kɔdzi. Togbɔ be míeléa be na mía ɖokui, eye míedzea agbagba be míanɔ lãmesẽ me hã la, “míehiãa ɖɔkta” ɣeaɖewoɣi. (Luka 5:​31, Easy-to-Read Version) Le nyateƒe me la, abe ale si wònɔ le Luka Kristotɔ si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, Yehowa Ðasefo aɖewo hã nye ɖɔktawo.​—Kolosetɔwo 4:14.

Ke hã, dɔdamɔnu aɖewo li siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o, eye míelɔ̃na wozãa esiawo na mí o. Le kpɔɖeŋu me, míelɔ̃na wodoa ʋu na mí o, elabena Biblia meda asi ɖe edzi be woado ʋu atsɔ atu ŋutilã ɖo o. (Dɔwɔwɔwo 15:20) Nenema kee Biblia meda asi ɖe dɔdamɔnu siwo lɔ gbɔgbɔyɔyɔ ɖe eme dzi o.​—Galatiatɔwo 5:​19-21.

Ke hã, dɔdamɔnu gbogbo aɖewo li siwo metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Eya ta ame ŋutɔe atia dɔdamɔnu si wòdi la. Yehowa Ðasefo aɖe ate ŋu alɔ̃ be woazã dɔdamɔnu aɖe na ye, ke hã Ðasefo bubu ya malɔ̃ be woazã ema na ye o.​—Galatiatɔwo 6:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe