Èle Dzadzraɖoɖi Ðe Atikewɔwɔ Ŋuti Hiahiã Kpatawo Ŋua?
Nane ate ŋu adzɔ ɖe ame dzi le vo me eye wòahiã be woakɔe ayi kɔdzi ahawɔ atike nɛ kpata. (Yak. 4:14) Eya ta ame si nye nunyala la anɔ dzadzraɖoɖi ale si wòate ŋui. (Lod. 22:3) Ètso nya me le dɔdamɔnu kple atike siwo nàlɔ̃ be woazã na wò la ŋua, eye èŋlɔ wò nyametsotsoawo ɖi xoxoa? Wotrɔ asi le video si nye Transfusion-Alternative Health Care—Meeting Patient Needs and Rights, si nye video evelia le DVD si ƒe tanyae nye Transfusion-Alternatives—Documentary Series dzi, la ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Ne èle video sia kpɔm la, kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu hã. Esi wònye be woɖe amekoko ƒe akpa aɖewo fia le video sia me ta la, ele be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo ne wole video sia kpɔm kple wo vi suewo.
(1) Nu ka tae atikewɔla aɖewo gbugbɔ le ŋku lém ɖe ʋudodo na ame ŋu? (2) Gblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo me wote ŋu wɔ dɔ sesẽ na amewo le ʋumadomadoe. (3) Nu ka tae atikewɔla kple amekola akpe nanewo le xexea me godoo le lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ dɔ na dɔnɔwo ʋumadomadoe? (4) Nu kae numekuku siwo wowɔ le kɔwo dzi nyitsɔ laa ɖe fia ku ɖe ʋuzazã ŋu? (5) Afɔku kawoe le ʋudodo me? (6) Nya ta kae ɖɔkta bibi geɖewo ƒo ku ɖe viɖe siwo le atike bubuwo zazã ɖe ʋu teƒe me la ŋu? (7) Nu kawo gbɔe wòtsona be ʋu mesɔa gbɔ ɖe lãme na ame o, eye nu kawoe woate ŋu awɔ ne ʋu vɔ le lãme na ame? (8) Nu kawoe woate ŋu awɔ ana dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo nadzi ɖe edzi kaba? (9) Mɔnu kawo zãm wole le amekoko me be woatsɔ aɖe ʋu si ado le ame ŋu ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ? (10) Ðe atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe la wɔa dɔ na ɖevi suewo kple ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me le nɔnɔme kpata aɖe me hã? (11) Nu kae nye atikewɔwɔ me dzidzenu vevi aɖe si dzi wòle be woawɔ ɖo le dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie me?
Esi wònye be dɔdamɔnu aɖewo siwo dze le video sia me la nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso ta la, mègalala ʋuu va se ɖe esime kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa hafi nàva nɔ ŋugble dem tso dɔdamɔnu kple atike siwo nàlɔ̃ be woazã na ye kple esiwo nàgbe la ŋu o. “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” gbalẽa ƒe ta 7 lia kple afi siwo nàkpɔ numeɖeɖe bubuwo le siwo wofia asii le ta ma me kpakple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ December 2006 ƒe emedegbalẽvia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ wò ŋutɔ wò nyametsotso siwo nètu ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Eyome, ne nɔvi xɔnyɔnyrɔe nènye la, ŋlɔ nyametsotsoawo ɖe DPA (ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa) ƒe agbalẽvia dzi, eye nàna wòanɔ ŋuwò ɣesiaɣi.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 3]
Ètso nya me le dɔdamɔnu kple atike siwo nàlɔ̃ be woazã na wò la ŋu heŋlɔ wo ɖi xoxoa?