INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwwd nyati 9
  • Ƒumelã Aɖe Ƒe Lãkusi Wɔnuku La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒumelã Aɖe Ƒe Lãkusi Wɔnuku La
  • Ðe Wowɔea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Da Ƒe Ŋutigbalẽ
    Nyɔ!—2014
  • Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Kpɔ Dzidzɔ Ðe Agbalẽ Si Le Ŋuwò La Ŋu
    Nyɔ!—2010
  • Adoglo Si Ŋuti Ŋùwo Le Si Hea Tsi Toa Eƒe Ŋutigbalẽ Ŋu
    Nyɔ!—2015
Ðe Wowɔea?
ijwwd nyati 9
Ƒumelã si woyɔna be sea cucumber alo concombre de mer

ÐE WOWƆEA?

Ƒumelã Aɖe Ƒe Lãkusi Wɔnuku La

Ƒumelã sia si woyɔna be sea cucumber alo concombre de mer la nɔa ƒugɔme koŋ alo adzakpowo dzi. Woƒe ŋuti nɔa glidzaglidza, eye ɖewo hã ŋuti nɔna abe ɖe woto ku ene. Woƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna bɔbɔe ŋutɔ; wotea ŋu liana goŋgoŋ abe ʋuƒo ene alo tea lólona abe bosomi ene le miniti alo sekɛnd ʋɛ aɖewo ko me. Esi wònye be ƒumelã siawo ƒe nɔnɔme tea ŋu trɔna bɔbɔe alea ta la, wotea ŋu miaa wo ɖokuiwo hegena ɖe nu totroewo me, eyome woliana ale be lã lénuwo metea ŋu hea wo doa goe o. Ŋutete tɔxɛ si le lã sia ƒe lãkusi ŋue nana wòtea ŋu wɔa esia.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ƒumelã sia ƒe lãkusi tea ŋu liana goŋgoŋ, etea ŋu nɔa evedomesi, eye wòtea ŋu bɔbɔna ŋutɔ hã. Nu si nana ƒumelã siawo tea ŋu trɔa nɔnɔme bɔbɔe alea ye nye be lãmeka siwo le woƒe lãkusia me tea ŋu dea nu wo nɔewo me goŋgoŋ abe kɔsɔkɔsɔ ene eye wogatea ŋu ɖena ɖa le wo nɔewo ŋu hã. Eye nu si nana wòtea ŋu wɔa esia ye nye be ewɔa lãmetsi aɖe si nana eƒe lãme tea ŋu liana kple esi nana eƒe lãme bɔbɔna ŋu dɔ.

Lãmetsi si nana eƒe lãme liana ye wɔnɛ be eƒe lãmekawo dea nu wo nɔewo me nyuie eye eƒe lãkusia liana goŋgoŋ. Lãmetsi si nana eƒe lãme bɔbɔna ya wɔnɛ be eƒe lãmekawo ɖena ɖa le wo nɔewo ŋu eye eƒe lãme bɔbɔna. Ƒumelã sia ƒe lãkusi tea ŋu bɔbɔna ale gbegbe edzena abe ɖe wòlólo ene.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoawɔ nu siwo ate ŋu alia eye woagabɔbɔ hã abe ƒumelã sia ƒe lãkusi ene. Woƒe taɖodzinuawo dometɔ ɖekae nye be yewoate ŋu awɔ ahɔhɔ̃ ŋuti dɔdanu aɖe si ate ŋu alia ale be woate ŋu aƒoe ɖe ahɔhɔ̃a ƒe teƒe si tututu wodi eye wòagate ŋu abɔbɔ ne ege ɖe ahɔhɔ̃a me vɔ. Wokpɔ mɔ be ahɔhɔ̃ ŋuti dɔdanu sia ƒomevi ate ŋu awɔe be dɔnɔa nahaya nyuie le dɔwɔwɔ nɛ vɔ megbe.

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumelã sia ƒe lãkusi wɔnuku la dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe