INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Kwasiɖa Sia
July 21-27
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2025 | July

JULY 21-27

LODODOWO 23

Hadzidzi 97 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Ku Ðe Ahanono Ŋu

(10 min.)

Ne ètiae be yeano aha sesẽ la, mèganoe sɔ gbɔ o (Lod 23:​20, 21; w04 12/1 19 ¶5-6)

Nu gbegblẽ siwo dona tsoa ahamumu me nenɔ susu me na wò (Lod 23:​29, 30, 33-35; mwbr25.07 3 ¶4–4 ¶1)

Mègana ale si aha sesẽ nya kpɔna le kplu me kple ale si wòdzroa amee naflu wò nàŋe aɖaba aƒu eƒe nugblẽƒe dzi o (Lod 23:​31, 32)

Nɔvinyɔnu aɖe nɔ anyi ɖe zikpui me eye wòle tukpa si me aha sesẽ le la kpɔm ɖaa.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Lod 23:21—Ne ame aɖe lolo akpa la, ɖe wòfia be enye nu tsu ɖula? Ðe eme. (w04 11/1 31 ¶2)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

(4 min.) Lod 23:​1-24 (th nusɔsrɔ̃ 5)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(5 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Wɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe fia amea wòakpɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 9 ƒe xexlẽdzesi 5)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

(5 min.) De dzi ƒo na wò nusrɔ̃vi si le agbagba dzem be yeadzudzɔ nuwɔna aɖe si mewɔ ɖeka kple Biblia o. (lmd nusɔsrɔ̃ 12 ƒe xexlẽdzesi 4)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 35

7. Ðe Wòle Be Mana Aha Sesẽ Ame Siwo Mekpe La?

(8 min.) Numedzodzro.

Ne nɔvi aɖe kpe amewo va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe alo hadomewɔna bubu aɖe me la, ɖe wòle be wòana aha sesẽ woa? Nɔvia ŋutɔe atso nya me le esia ŋu, gake ele be wòada Biblia ƒe gɔmeɖose aɖewo akpɔ eye wòabu nu vovovo aɖewo hã ŋu.

Nɔviŋutsu aɖe kple eƒe ŋugbetɔ wole edam kpɔ nenye be yewoana aha sesẽ le yewoƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe. Woʋu Biblia da ɖe kplɔ̃ dzi, eye tukpa vovovo siwo me wain le la le dzedzem le woƒe tablɛt dzi le kplɔ̃a dzi.

Na woaɖe VIDEO si nye: Ðe Wòle Be Mana Aha Sesẽ Ame Siwo Mekpea? Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke mawunyakpukpui siwo gbɔna akpe ɖe nɔvia ŋu wòatso nya me nenye be ana aha sesẽ amekpekpeawo alo mana wo o?

    • Yh 2:9—Yesu trɔ tsi wòzu wain le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe.

    • 1Ko 6:10—‘Ahamulawo manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’

    • 1Ko 10:​31, 32—“Ne miele nu ɖum alo le nu nom . . . la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu. Migazu nuɖiaɖia na [amewo] o.”

  • Nu bubu kawo ŋue wòle be ame si kpe ameawo nabu?

  • Hafi míate ŋu atso nya me nyuie la, nu ka tae wòle be míazã míaƒe “tamebubuŋutete” atsɔ ada Biblia ƒe gɔmeɖose vovovowo akpɔ?—Ro 12:1; Nyg 7:​16-18

8. Miaƒe Nuhiahiãwo

(7 min.)

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) lfb nusɔsrɔ̃ 2, akpa 2 lia ƒe ŋgɔdonya, kple nusɔsrɔ̃ 3

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 40 Kple Gbedodoɖa

Emenyawo
Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025 | May

Nusɔsrɔ̃nyati 20: July 21-27, 2025

8 Ka Ðe Edzi Be Yehowa Afa Akɔ Na Wò

Nyati Bubuwo

Nyati siwo katã le tata sia me

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe