NUSƆSRƆ̃NYATI 32
Srɔ̃ Yehowa—Nye Nugɔmesela
“Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.”—FLP. 4:5.
HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò
NYA VEVIAWOa
Ati ka tɔgbie nàdi be yeanye? (Kpɔ memama 1)
1. Mɔ ka nue wòle be Kristotɔwo nanɔ abe ati ene le? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
ÈDE dzesi nu si dzɔna ɖe neti dzi ne ya le ƒoƒoma? Ebina, gake meŋena o. Esia he míaƒe susu yi nu vevi aɖe si kpena ɖe ati aɖewo ŋua dzi. Eyae nye be wotrɔna ɖe nɔnɔmea ŋu. Ehiã be mí Kristotɔwo hã míalɔ̃ faa atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu be míate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ele be míanye nugɔmeselawo, míalɔ̃ faa atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me, eye míade bubu amewo ƒe susuwo kple nyametsotsowo ŋu.
2. Nɔnɔme nyui kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?
2 Ele be mí Yehowa subɔlawo míanye nugɔmeselawo, míabɔbɔ mía ɖokui eye míase veve ɖe ame nu. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si nɔnɔme vevi siawo kpe ɖe Kristotɔ aɖewo ŋu esime nuwo trɔ le woƒe agbe me. Eye míakpɔ ale si nɔnɔme siawo ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu. Gake gbãa, na míakpɔ ale si Yehowa kple Yesu ɖee fia be yewonye nugɔmeselawo kple nu si míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋu debliboa me ɖa.
YEHOWA KPLE YESU SEA NU GƆME NA AME
3. Aleke míewɔ nya be Yehowa sea nu gɔme?
3 Biblia yɔ Yehowa be “Agakpe,” elabe enɔa te sesĩe eye naneke mate ŋu aʋuʋui o. (5 Mose 32:4) Ke hã, esea nu gɔme na ame. Esi xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm la, mía Mawu hã le tɔtrɔm ɖe nɔnɔmea ŋu be yeana yeƒe ŋugbedodowo katã nava eme. Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, ta ena ŋutete mí be míate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Ena Biblia me gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea mí. Kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi kple gɔmeɖose siwo wòna mí la na míekpɔe be togbɔ be enye “Agakpe” hãa, esea nu gɔme.
4. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa sea nu gɔme na ame. (3 Mose 5:7, 11)
4 Yehowa ƒe mɔwo de blibo eye woɖee fia be nugɔmeselae wònye. Eƒe nya me mesẽna kpaɖii ne ele nu wɔm ɖe amegbetɔwo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa se nu gɔme na Israel-viwo ŋu kpɔ. Esi nu de Israel-vi aɖewo dzi, evɔ ɖewo da ahe taa, mebia vɔsa ɖeka ma ke tso wo katã si o. Eɖe mɔ le go aɖewo me be woate ŋu asa vɔ na ye le woƒe ŋutete nu.—Xlẽ 3 Mose 5:7, 11.
5. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa bɔbɔa eɖokui eye wòkpɔa nublanui na ame.
5 Esi Yehowa bɔbɔa eɖokui eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu taa, esea nu gɔme na ame. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ dze ƒãa esime wòɖoe be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo le Sodom. Edɔ eƒe dɔlawo be woakpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot ŋu be wòasi ayi tonutowo me. Gake Lot nɔ vɔvɔ̃m be yeayi afi ma, ta eɖe kuku be woaɖe mɔ na ye kple yeƒe ƒomea yewoasi ayi Zoar, si nye du sue aɖe si Yehowa ɖo be yeatsrɔ̃. Yehowa ate ŋu azi Lot dzi be wòayi afi si tututu yegblɔ be wòayi hafi, gake mewɔe nenema o. Ke boŋ, eɖe mɔ na Lot wòyi Zoar eye metsrɔ̃ du ma o. (1 Mose 19:18-22) Ƒe alafa aɖewo megbea, Yehowa kpɔ nublanui na Niniwetɔwo. Edɔ nyagblɔɖila Yona be wòaɖe gbeƒã tsɔtsrɔ̃ si ava dua kple emenɔlawo siaa dzi. Gake esi Niniwetɔwo trɔ dzi mea, Yehowa se veve ɖe wo nu eye metsrɔ̃ wo o.—Yona 3:1, 10; 4:10, 11.
6. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yesu srɔ̃ ale si Yehowa sea nu gɔme na ame.
6 Yesu hã sea nu gɔme na ame. Esrɔ̃ nɔnɔme vevi sia tso Yehowa gbɔ. Yehowa dɔe ɖe anyigba dzi be wòaɖe gbeƒã na “Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo.” Ale si Yesu wɔ dɔae la ɖee fia be esea nu gɔme. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka nyɔnu aɖe si menye Israel-vi o, va ɖe kuku na Yesu be wòada dɔ na ye vinyɔnu si “gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na vevie.” Yesu se veve ɖe enu eye wòda dɔ na ɖevia. (Mat. 15:21-28) Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia hã ŋu kpɔ. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedzea, egblɔ be: “Ame si gbe nu le gbɔnye . . . la, nye hã magbe nu le egbɔ.” (Mat. 10:33) Gake esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔ̃ŋ la, ɖe Yesu gbe nu le egbɔa? Ao. Yesu nyae be nuteƒewɔlae Petro nye; enyae hã be ese veve ɖe nu si wòwɔ ta. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia Petro. Anɔ eme be Yesu ka ɖe edzi nɛ le gaƒoƒo ma me be yetsɔe kee eye yegakpɔtɔ lɔ̃e.—Luka 24:33, 34.
7. Abe ale si Filipitɔwo 4:5 gblɔe enea, aleke míadi be amewo nabu míi?
7 Míeva kpɔe be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo sea nu gɔme. Ke míawo ya ɖe? Yehowa di be míawo hã míase nu gɔme. (Xlẽ Filipitɔwo 4:5.) Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe amewo buam be mesea nu gɔmea? Ðe wonyam be melɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susuwo dzi, eye nyemetea tɔ ɖe nye nyawo dzi oa? Alo ɖe wobuam be mele kpaɖii, nye nya me sẽ, eye nyemelɔ̃na ɖe ame aɖeke ƒe susu dzi oa? Ðe metea tɔ ɖe edzi be amewo nawɔ nu ale si tututu media? Alo ɖe meɖoa to ame bubuwo eye mewɔna ɖe woƒe didiwo dzi ne anya wɔa?’ Ne míesea nu gɔmea, aɖee afia be míele Yehowa kple Yesu srɔ̃m. Azɔ na míade dzesi nɔnɔme eve siwo me wòahiã le be míase nu gɔme. Woawoe nye (1) ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me, eye (2) ne amewo ƒe susuwo kple nyametsotsowo to vovo na mía tɔ.
LƆ̃ FAA NÀTRƆ ÐE NƆNƆMEAWO ŊU NE NUWO TRƆ LE WÒ AGBE ME
8. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
8 Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe mea, ele be míalɔ̃ faa atrɔ ɖe eŋu. Tɔtrɔ siawo tɔgbi ate ŋu ana míato nɔnɔme sesẽ siwo míenɔ mɔ kpɔm na o me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míadze dɔ kpata alo tɔtrɔ siwo wowɔ le dunyahenyawo kple ganyawo me le afi si míele nawɔe be nuwo nasesẽ na mí le agbe me. (Nyagb. 9:11; 1 Kor. 7:31) Eye ne wo ɖɔ li dɔ na mí le habɔbɔa mea, ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe eŋu. Nu ka kee wòɖanye o, àte ŋu atrɔ ɖe eŋu dzidzedzetɔe ne èɖe afɔ vevi siwo gbɔna: (1) lɔ̃ ɖe edzi be nuwo trɔ, (2) kpɔ ŋgɔ tẽe, (3) wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu, eye (4) kpe ɖe amewo ŋu.b Na míakpɔ ale si nɔvi aɖewo ɖe afɔ vevi siawo eye wòɖe vi na woe ɖa.
9. Nu kae kpe ɖe atsu kple asi aɖe siwo nye dutanyanyuigblɔlawo ŋu wote ŋu trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu esi nuwo trɔ le woƒe agbe me?
9 Lɔ̃ ɖe edzi be nuwo trɔ. Wobia tso Emanuele kple Francesca si be woawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le dukɔ aɖe me. Esi woyi dua me eye wote gbea sɔsrɔ̃ henɔ agbagba dzem be yewoanya nɔviawoa, corona dɔvɔ̃a te kaka, eye wòhiã be woatsi aƒe me. Ɣemaɣie Francesca nɔ ku kpata. Francesca di vevie be yeayi aƒe ava nɔ ƒomea gbɔ vie, gake dɔvɔ̃a wɔe be mete ŋu zɔ mɔ o. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me? Gbãa, Emanuele kple Francesca do gbe ɖa be Yehowa nana nunya yewo be yewoate ŋu akpɔ ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo gbɔ, eye yewoagatsi dzimaɖi fũu o. Eye Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi ɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, nya aɖe si nɔviŋutsu aɖe gblɔ le gbebiame ƒe video aɖe me de dzi ƒo na wo. Egblɔ be: “Ne míetrɔ ɖe míaƒe nɔnɔme yeyea ŋu kabaa, nenema kee míaƒe dzidzɔa hã atrɔ ava kaba, eye mɔnukpɔkpɔwo hã asu mía si be míatrɔ ɖe míaƒe nɔnɔme yeyea ŋu nyuie.”c Evelia, woɖoe be yewoadze agbagba abi ɖe telefondziɖaseɖiɖidɔa me eye esia wɔe be wodze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Etɔ̃lia, woɖe mɔ nɔviawo kpe ɖe wo ŋu eye woda akpe ɖe lɔlɔ̃ si nɔviawo ɖe fia wo la ta. Nɔvinyɔnu dɔmenyotɔ aɖe ŋlɔ dzideƒonyawo tso Ŋɔŋlɔ̃awo me tsɔ de dzi ƒo na wo gbe sia gbe hena ƒe ɖeka blibo. Nenema kee míawo hã ne míete ŋu trɔ ɖe míaƒe nɔnɔme yeyea ŋua, míakpɔ dzidzɔ le nu si míete ŋu wɔ la me.
10. Aleke nɔvinyɔnu aɖe wɔ te ŋu trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu?
10 Kpɔ ŋgɔ tẽe eye wò susu nanɔ nu nyuiwo ŋu. Bu nɔvinyɔnu Christina, si nye Romaniatɔ si le Japan, ŋu kpɔ. Esi habɔbɔa tso nya me be Eŋlisigbedolawo ƒe hame si me wòlea maganye hame le eɖokui si o eye wotsɔ wo kpe ɖe hame bubuwo ŋua, ete ɖe edzi. Gake meyi edzi nɔ eŋu bum o. Ke boŋ eyi Japangbedolawo ƒe hamea me eye wòwɔa etɔ sinua ɖea gbeƒã na ame siwo doa Japangbea. Ebia tso nyɔnu aɖe si wòwɔ dɔ kplii kpɔ si be wòafia ale si wodoa Japangbea ye. Nyɔnua lɔ̃ be yeazã Biblia kple Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa atsɔ afia Japangbeae. Esia wɔe be Christina va nya gbea dodo nyuie. Vevietɔ wua, nyɔnua va tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me. Ne míekpɔ ŋgɔ tẽe eye míetsɔ susu ɖo nu nyuiwo ŋua, tɔtrɔ siwo míele mɔ kpɔm na o ate ŋu ahe yayra siwo míele mɔ kpɔm na o vɛ na mí.
11. Aleke atsu kple asi aɖe wɔ trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu esi ganyawo va nɔ sesẽm na wo?
11 Kpe ɖe amewo ŋu. Bu atsu kple asi aɖe si nɔ dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me ŋu kpɔ. Esi ganyawo tɔ gu le dukɔ ma mea, agbea va sesẽ na wo. Aleke wowɔ trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu? Gbãa, wodze agbagba ɖe woƒe gazazã dzi kpɔtɔ. Azɔ hã, wometsɔ susu ɖo woƒe kuxiawo ŋu o, ke boŋ woɖoe be yewoawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. (Dɔw. 20:35) Srɔ̃ŋutsua gblɔ be, “Esi míenɔ ɣeyiɣi geɖe zãm le gbeƒãɖeɖedɔa me taa, míaƒe susu megava nɔ kuxiawo ŋu ale o, ke boŋ enɔ ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu.” Ne nuwo trɔ na mí le agbe mea, ele be míaɖo ŋku edzi be ele vevie be míakpe ɖe amewo ŋu. Eye mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míaɖe gbeƒã na wo.
12. Aleke apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?
12 Ehiã be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, elabe míedoa go ame siwo tso dukɔ vovovowo me, siwo ƒe dzixɔsewo kple nɔnɔmewo to vovo. Apostolo Paulo trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me, eye míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Yesu ɖo Paulo wòzu “apostolo na dukɔwo.” (Rom. 11:13) Eya ta Paulo ɖe gbeƒã na Yudatɔwo, Helatɔwo, agbalẽnyalawo, ame tsɛwo, dziɖuɖumegãwo, kple fiawo. Be wòate ŋu aɖo ame vovovo siawo ƒe dzi gbɔa, ezu “nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.” (1 Kor. 9:19-23) Ebu woƒe dekɔnuwo kple dzixɔsewo ŋu. Esia kpe ɖe eŋu wòtrɔ asi le eƒe nyawo ŋu be wòanya xɔ na wo bɔbɔe. Míawo hã míate ŋu ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi ne míetrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye míedzea agbagba dea dzesi mɔ nyuitɔ si dzi míato akpe ɖe ame sia ame ŋu.
DE BUBU TIATIA SIWO AMEWO WƆNA ŊU
Ne míesea nu gɔmea, míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu (Kpɔ memama 13 lia)
13. Le 1 Korintotɔwo 8:9 ƒe nya nua, nu kae míaƒo asa na ne míedea bubu amewo ƒe susuwo ŋu?
13 Ne míesea nu gɔmea, esia akpe ɖe mía ŋu hã be míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvinyɔnu aɖewo sisina nu ɖe mo tsɔ ɖoa atsyɔ̃, gake ɖewo ya medinɛ o. Nɔvi aɖewo hã noa aha sesẽ le ŋuɖɔɖo me, gake ɖewo ya tiae be yewomanoe kura o. Mí katã míedina be míanɔ lãmesẽ me, gake míetiana dɔdamɔnu vovovowo. Ne míesusuna be tiatia siwo míewɔnae nye nyuitɔ ɣesiaɣi eye míeƒonɛ ɖe mía nɔviwo nu be woawo hã woawɔ tiatia mawo kea, esia ate ŋu aɖia wo nu eye wòade mama hamea me. Mímadi be míawɔ nu ma gbeɖe o! (Xlẽ 1 Korintotɔwo 8:9; 10:23, 24) Biblia me gɔmeɖosewo dziwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ eye míana ŋutifafa nanɔ hamea me. Na míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu eve me.
Ne míesea nu gɔmea, míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu (Kpɔ memama 14 lia)
14. Ne míele nya me tsom le awu si míado kple ale si míadzra ɖo ŋua, Biblia ƒe gɔmeɖose ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?
14 Awudodo kple dzadzraɖo. Yehowa mede se kpaɖiwo na mí ku ɖe awudodo ŋu o, ke boŋ ena gɔmeɖose siwo dzi míate ŋu azɔ ɖoa mí. Ele be míado awu le ŋukpekpe kple “ŋuɖɔɖo me” wòadze Kristotɔwo, eye wòaɖee afia be míenye nugɔmeselawo. (1 Tim. 2:9, 10; 1 Pet. 3:3) Eya ta mímadi be míadzra ɖo alo ado awu wòahe amewo ƒe susu ava mía ɖokui dzi o. Biblia me gɔmeɖosewo akpe ɖe hamemetsitsiwo hã ŋu be womade sewo na nɔviwo le awudodo kple ɖawɔwɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le hame aɖe mea, hamemetsitsiwo ɖoe be yewoaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu sɔhɛ aɖewo, elabe wova nɔ ɖa ƒomevi aɖe si bɔ ɖe nutoa me kpam. Ðaa nɔa kpuie gake wòhele nyamaa. Aleke hamemetsitsiwo awɔ akpe ɖe wo ŋu, evɔ madze abe ɖe wole se dem na wo ene o? Nutome sue dzikpɔla aɖe ɖo aɖaŋu na hamemetsitsiawo be woagblɔ na nɔviŋutsuawo be, “Ne èle kplɔ̃ ta eye wò dzadzraɖo ŋu koe nɔviawo ƒe susu katã le, ke menye nya si gblɔm nèle ŋu oa, efia be nya ku ɖe ale si nèdzra ɖoe la ŋu.” Numeɖeɖe sia koe kpɔ nyaa gbɔ. Hamemetsitsiawo mede se na nɔviŋutsuawo o, gake wote ŋu de dzesi nu si wòle be woawɔ.d
Ne míesea nu gɔmea, míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu (Kpɔ memama 15 lia)
15. Aleke se kple gɔmeɖose siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia dɔdamɔnu siwo míazã? (Romatɔwo 14:5)
15 Dɔdamɔnuwo. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ natso nya me le dɔdamɔnu si asɔ nɛ ŋu. (Gal. 6:5) Ne Kristotɔ aɖe tia dɔdamɔnu aɖea, ele be wòakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Biblia ƒe se si nye be míatsri ʋu kple gbɔgbɔyɔyɔa dzi. (Dɔw. 15:20; Gal. 5:19, 20) Gake le nya bubu siwo ku ɖe dɔdamɔnuwo ŋu gomea, ame ŋutɔe atso nya me le nu si wòawɔ ŋu. Ame aɖewo yia kɔdzi ne wodze dɔ, eye ame aɖewo hã tiaa dɔdamɔnu bubuwo. Aleke kee míeɖase le mía ɖokui me tso dɔdamɔnu aɖe ŋu o, ele be míade bubu tiatia siwo mía nɔviwo wɔa ŋuu. Eye nya vevi siawo nanɔ susu me na mí: (1) Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu ana míanɔ lãmesẽ deblibo me. (Yes. 33:24) (2) Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nakpɔ egbɔ be tiatia si yewɔe nye nyuitɔ. (Xlẽ Romatɔwo 14:5.) (3) Mele be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo le nyametsotso si wowɔ ta o, eye mele be míawɔ naneke si aɖia wo nu o. (Rom. 14:13) (4) Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiana, eye wosea egɔme be hamea ƒe ŋutifafa le vevie wu ame ŋutɔ ƒe susu. (Rom. 14:15, 19, 20) Ne nya vevi siawo le susu me na mía, míawɔ nu siwo ana mía kple mía nɔviwo dome nanɔ nyuie, eye ŋutifafa ayi edzi anɔ hamea me.
Ne míesea nu gɔmea, míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu (Kpɔ memama 16 lia)
16. Aleke hamemetsitsi aɖee afia be yesea nu gɔme ne ele nu wɔm kple ehati hamemetsitsiwo? (Kpɔ fotoa hã.)
16 Ele be hamemetsitsiwo nanye nugɔmeselawo eye woaɖo kpɔɖeŋu nyui le esia me. (1 Tim. 3:2, 3) Le kpɔɖeŋu me, mele be hamemetsitsi aɖe nanɔ mɔ kpɔm be hamemetsitsi bubuawo nalɔ̃ ɖe yeƒe susuwo dzi ɣesiaɣi le esi yetsi wu wo ta o. Ke boŋ, edea dzesii be Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu aʋã wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòahe susu vevi aɖewo ɖe go si ana woatso nya me nyuie. Eye ne nu si dzi ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo metsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu oa, hamemetsitsi si sea nu gɔme alɔ̃ faa akpe asi ɖe eŋu, ne eƒe susu to vovo le nyaa ŋu gɔ̃ hã.
VIÐE SIWO MÍAKPƆ NE MÍESEA NU GƆME
17. Ne míesea nu gɔmea, aleke wòɖea vi na mí?
17 Ne míesea nu gɔmea, eɖea vi na mí le mɔ geɖe nu. Mía kple mía nɔviwo dome nɔa nyuie, eye ŋutifafa nɔa hamea me. Togbɔ be míaƒe amenyenye le vovovo eye míaƒe dekɔnuwo to vovo hãa, dzi dzɔa mí be míele Yehowa ƒe ƒome wɔɖeka la me. Vevietɔ wua, dzi dzɔa mí be míele mía Mawu Yehowa, ame si sea nu gɔmea srɔ̃m.
HADZIDZI 90 Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo
a Yehowa kple Yesu nye nugɔmeselawo eye wodi be míawo hã míasrɔ̃ nɔnɔme nyui ma. Ne míenye nugɔmeselawoa, anɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne lãmegbegblẽ, ganyawo ƒe sesẽ, alo nu bubu aɖe na nuwo trɔ le míaƒe agbe me. Awɔe hã be míawɔ nu siwo ana be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ hamea me.
b Kpɔ nyati si nye “Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Tɔtrɔwo Nu” le Nyɔ! No. 4 2016 tɔ me.
c Be nàkpɔ videoa, ʋu jw.org eye nàŋlɔ Gbebiabia Nɔviŋutsu Dmitriy Mikhaylov ɖe nyadiƒea.
d Ne èdi nyatakaka bubuwo tso awudodo kple dzadzraɖo ŋua, kpɔ agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe nusɔsrɔ̃ 52 lia.