INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 14
  • Mawu Nyanya Ana Míazu Exɔlɔ̃wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Nyanya Ana Míazu Exɔlɔ̃wo
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ Le Mía Wɔlaa Si
  • Yehowa Nye Mawu Lɔ̃ame
  • Yehowa Nye Mawu Si Tsɔna Kena
  • Yehowa Di Be Míado Gbe Ða Na Ye
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Yehowa—Mawu Si Ƒe Tsɔtsɔke Ƒo Ðe Sia Ðe Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ameka Tututue Mawu Nye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 14

Mawu Nyanya Ana Míazu Exɔlɔ̃wo

Menye ŋusẽ koe le mía Wɔlaa si o. Nɔnɔme lédziname geɖe le esi. Edi be míasrɔ̃ nu tso ye ŋu eye míava zu ye xɔlɔ̃wo. (Yohanes 17:3; Yakobo 4:8) Ema tae wògblɔ nya geɖe tso eɖokui ŋu na mí.

Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ Le Mía Wɔlaa Si

“Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—PSALMO 83:18.

Biblia fia mí be Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavãa. Eyae wɔ xexe bliboa kple nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi. Eya ɖeka koe dze be míasubɔ.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Yehowa Nye Mawu Lɔ̃ame

Woŋlɔ mía Wɔlaa ƒe ŋkɔ, Yehowa, ɖe Hindi, Punjabi, Gujarati, Telugu, Tamil, kple Eʋegbe me.

“Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 YOHANES 4:8.

Yehowa ɖe nɔnɔme nyui siwo le esi la fia mí le Biblia kple eƒe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mía me. Lɔlɔ̃e nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Ewɔa nuwo katã le lɔlɔ̃ me. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋua, zi nenemae míeva lɔ̃nɛ.

Yehowa Nye Mawu Si Tsɔna Kena

“Ènye Mawu si tsɔa vodada kena faa.”—NEHEMIYA 9:17.

Yehowa nya be míede blibo o. Eya ta etsɔa míaƒe vodadawo “kena faa.” Ne míeɖe kuku nɛ ɖe nu gbegblẽ siwo míewɔ ta eye míedze agbagba dzudzɔ wo wɔwɔa, atsɔe ake mí eye malé esiwo míewɔ va yia ɖi o.—Psalmo 103:12, 13.

Yehowa Di Be Míado Gbe Ða Na Ye

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ . . . Esea woƒe ɣlidodo.”—PSALMO 145:18, 19.

Yehowa medi tso mía si be míawɔ kɔnu tɔxɛwo alo azã nɔnɔmewɔwɔwo ne míele ye subɔm o. Eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo abe ale si ko dzila lɔ̃ame ɖoa to via ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe