Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Wò Yayrawo Ŋu Vavã?
ESIME woɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte le gɔmedzedzea me la, wokpɔ dzidzɔ be ablɔɖe su yewo si be yewoade ta agu na Yehowa. (2 Mose 14:29–15:1, 20, 21) Gake esia megbe kpuie la, woƒe nuŋububu trɔ. Wote nyatoƒoetoto le nɔnɔme si me wole ŋuti. Nu ka tae? Nu si tae nye be, woŋlɔ nu siwo Yehowa wɔ na wo la be, heva nɔ nɔnɔme sesẽ siwo me tom wonɔ le gbea dzi la ŋu bum. Wogblɔ na Mose be: ‘Nu ka ta miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsi aɖeke mele afi sia o, eye [mana] nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.’—4 Mose 21:5.
Ƒe alafa aɖewo megbe la, blema Israel Fia David dzi ha be: ‘Ke nyea mele ŋu ɖom ɖe wò amenuveve ŋu; nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ dɔmenyo nam.’ (Ps. 13:6) David meŋlɔ nu siwo Yehowa wɔ nɛ dɔmenyotɔe la be o. Ke boŋ edia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le wo ŋu edziedzi. (Ps. 103:2) Yehowa nyo dɔme na míawo hã, eye nunya manɔ eme be míabu nu siwo wòwɔ na mí la nu tsɛ o. Azɔ, mina míadzro mɔ siwo nu Mawu yra mí le egbea la dometɔ aɖewo me kpɔ.
‘Yehowa Bɔa Ha Kpli Mí’
Hakpalaa dzi ha be: ‘Yehowa bɔa ha kple ame siwo vɔ̃nɛ la.’ (Ps. 25:14) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi be ƒomedodo kplikplikpli le mí amegbetɔ madeblibowo kple Yehowa dome! Gake ne eva dzɔ be míeva le dzi tsim ɖe gbe sia gbe dɔwo ŋu ale gbegbe be míegate ŋu va le gbe dom ɖa edziedzi o ɖe? Bu nu si ate ŋu adzɔ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi ŋu kpɔ. Esi Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ ta la, edi be míaɖo ŋu ɖe ye ŋu eye míaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na ye le gbedodoɖa me, míagblɔ míaƒe vɔvɔ̃wo, didiwo, kple dzimaɖitsitsiwo na ye. (Lod. 3:5, 6; Flp. 4:6, 7) Eya ta ɖe manyo be míade ŋugble le míaƒe gbedodoɖawo ƒe nyonyome ŋu oa?
Esi sɔhɛ Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Paul de ŋugble tso eƒe gbedodoɖawo ŋu la, ekpɔe be ehiã be yeana yeƒe gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wu.a Egblɔ be, “Eva zu numame nam be mezãa nya ɖeka ƒomeviwo enuenu ne mele gbe dom ɖa na Yehowa.” Paul wɔ numekuku tso gbedodoɖa ŋu le míaƒe numekugbalẽ si nye Watch Tower Publications Index (Index des publications de la Société Watch Tower) me, eye wòkpɔe be gbedodoɖa siwo ade 180 sɔŋ ye woŋlɔ ɖe Biblia me. Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ɖe woƒe dzimenyawo gblɔ le gbedodoɖa siawo me. Paul gblɔ be: “Esi mede ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu mawo ŋu la, mesrɔ̃e be, ele be mana nye gbedodoɖawo naku ɖe nanewo koŋ ŋu. Esia kpe ɖe ŋunye metea ŋu gblɔa nye dzimenyawo na Yehowa. Fifia, gbedodoɖa nɛ vivia nunye.”
Enaa ‘Nuɖuɖu Mí Le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi’
Go bubu si me Yehowa yra mí lee nye be, ena míeke ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe gbogbo aɖe ŋu. Esi míele vivi sem le gbɔgbɔmenu dami gbogboawo ɖuɖu me la, susu geɖewo li siwo tae wòle be ‘míatso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta’ ɖo. (Yes. 65:13, 14) Ke hã, ele be míanɔ ŋudzɔ be míagaɖe mɔ ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo nana dzo si le mía me ɖe nyateƒea ŋu la natsi o. Le kpɔɖeŋu me, ŋkukeke ɖe xɔsegbelawo ƒe ameflunyawo me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi ahagbã ŋku na mí le gbɔgbɔmegɔmesese nu be míagakpɔ asixɔxɔ si le gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa le mía nam “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” to “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” dzi la ŋu adze sii o.—Mat. 24:45-47.
André si subɔ Yehowa ƒe geɖe la na xɔsegbelawo ƒe ameflunyawo gblẽ nu le eŋu eye esia va te ɖe edzi vevie emegbe. Esusui be afɔku mele ŋkudada ɖe xɔsegbelawo ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo me ŋu o. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, yeaɖi nyateƒe siwo ŋu xɔsegbelawo ƒo nu tsoe lae hem. Zi ale si menɔ nya siwo wogblɔ me dzrom la, zi nenemae meva kpɔe be kpeɖodzi le asinye si tae mate ŋu ado le Yehowa ƒe habɔbɔa me ɖo. Gake, emegbe esi meva wɔ numekuku tso nya siwo xɔsegbelawo tsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ŋuti la, meva kpɔ ale si gbegbe alakpanufialawo dzea ayee la dze sii. Yeaɖi kpeɖodzi sesẽ siwo le wo si ɖe mía ŋu la nyea nya siwo woɖe tso míaƒe agbalẽwo me evɔ wometsɔ nya siwo ƒo xlã nya mawo la kpe ɖe wo ŋu o. Eya ta metso nya me be magadze míaƒe agbalẽwo xexlẽ gɔme ake eye magate kpekpewo dede. Eteƒe medidi o, mekpɔ nu si gbegbe to ŋunye la dze sii.” Dzidzɔtɔe la, André trɔ gbɔ va hamea me.
Ena “Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Blibo La” Mí
Míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame si wɔ ɖeka la nye yayra tso Yehowa gbɔ. (Ps. 133:1) Susu nyuiwo tae apostolo Petro gblɔ na mí be, “milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” ɖo. (1 Pet. 2:17) Esi míenye Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo ta la, míesea vivi le hadede tuameɖowo me kple gbɔgbɔ me fofowo, dadawo, nɔviŋutsuwo, kple nɔvinyɔnuwo, siwo nye míaƒe haxɔsetɔwo, eye wonaa kpekpeɖeŋu hã mí.—Mar. 10:29, 30.
Ke hã, nɔnɔme vovovowo ate ŋu ado mo ɖa, siwo ate ŋu awɔe be vividoɖeameŋu maganɔ mía kple mía nɔviwo dome o. Le kpɔɖeŋu me, ele bɔbɔe be mía nɔvi aɖe ƒe blibomademade nuwɔnawo nado dziku na mí eye míava nɔ ekpɔm ɖeƒomevii. Ne edzɔ alea la, ɖe manyo be míaɖo ŋku edzi be, Yehowa lɔ̃ esubɔlawo togbɔ be wonye ame madeblibowo gɔ̃ hã oa? Gakpe ɖe eŋu la, “ne míegblɔna be: ‘Nu vɔ̃ aɖeke mele mía ŋu o’ la, ekema míele mía ŋutɔwo mía ɖokui blem, eye nyateƒe la mele mía me o.” (1 Yoh. 1:8) Ðe manyo be míadze agbagba be ‘míayi edzi ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo, eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa’ oa?—Kol. 3:13.
Esi aŋɔka ku to na mía nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe, si ŋkɔe nye Ann la, megbee wòva kpɔ asixɔxɔ si gbegbe le hadede kple nɔvi Kristotɔwo ŋu dze sii. Enɔ agbe abe vi nudomegblẽla si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene, eye wòtra mɔ tso Kristo hamea me. Emegbe la, eva nyɔ le eɖokui me eye wòtrɔ gbɔ va nyateƒea me. (Luka 15:11-24) Nu kae Ann srɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe edzi me? Egblɔ be: “Fifia si metrɔ gbɔ va Yehowa ƒe habɔbɔa me la, medea asixɔxɔ gã aɖe nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo katã ŋu togbɔ be womede blibo o hã. Tsã la, mekpɔa vodada le wo ŋu kabakaba. Gake fifia la, meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ naneke nana vivi si sem mele le haxɔsetɔwo dome la nato ŋunye o. Naneke mele xexea me si tae míaɖe asi le míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu o.”
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Wò Yayrawo Ŋu Ɣesiaɣi
Míaƒe mɔkpɔkpɔ si nye be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ la nye kesinɔnu si ɖeke mesɔ kplii o. Zi gbãtɔ si míese mɔkpɔkpɔ sia ŋuti nya la, ɖe míede asixɔxɔ gã aɖe eŋu ŋutɔ oa? Míese le mía ɖokui me abe asitsala si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me, si ‘dzra nu siwo katã le esi la’ be yeaƒle “dzonu xɔasi nyui aɖe” la ene. (Mat. 13:45, 46) Yesu megblɔ be eva dzɔ be asitsalaa va ŋlɔ asixɔxɔ si le dzonua ŋu be o. Abe asitsalaa ene la, mina míawo hã míagaŋlɔ asixɔxɔ si le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu la be gbeɖe o.—1 Tes. 5:8; Heb. 6:19.
Bu nɔvinyɔnu Jean, si le Yehowa subɔm ƒe 60 kple edzivɔwoe nye esia la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nu si kpe ɖe ŋunye be nye susu gakpɔtɔ le Mawu Fiaɖuƒea ŋue nye be meƒoa nu tso eŋu na ame bubuwo. Ne meƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu na wo eye mekpɔe be wole dzidzɔ kpɔm le esi wova se nu si Fiaɖuƒea nye gɔme ta la, edoa ŋusẽm ŋutɔ. Ale si Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒeawo trɔa Biblia nusrɔ̃viwo ƒe agbenɔnɔ la teƒe kpɔkpɔ nana megblɔna na ɖokuinye be, ‘Nyateƒe wɔnuku kawo gbegbee nye esi le asinye mate ŋu ana ame bubuwo nanya!’”
Susu nyui geɖewo le mía si siwo tae wòle be míada akpe ɖe gbɔgbɔmeyayra gbogbo siwo su mía si la ta ɖo. Togbɔ be dodokpɔwo, abe yometiti, dɔléle, tɔgbui alo nyagãkuku, nuteɖeamedzi, ame vevi aɖe ƒe ku, kple ganyawo ƒe sesẽ ene, ate ŋu aɖe fu na mí hã la, míenya be wo nu ayi kpuie. Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la, Mawu ayra mí le ŋutilã me tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmeyayra siwo wòna mí ŋu. Woaɖe fukpekpe ɖe sia ɖe si me tom míele fifia la ɖa le nuɖoanyi yeyea me.—Nyaɖ. 21:4.
Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míaƒe susu nanɔ míaƒe gbɔgbɔmeyayrawo ŋu eye míakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu abe ale si hakpalaa wɔe ene, esi wòdzi ha be: ‘Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.’—Ps. 40:6.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo kpena ɖe mía ŋu le xaxawo me; esia nye yayra na mí