Biblia ƒe Nukpɔsusu
Aleke Gbegbe Mawu ƒe Tsɔtsɔke De Bliboe?
“Ewɔna nam be Mawu matsɔ nye nuvɔ̃wo akem gbeɖe o. Magalɔ̃ nye nya gbeɖe o le nusi mewɔ ta.”—Gloria.
MESESẼ na Gloria be woagblɔ na ame bubuwo be Yehowa atsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.a Gake esi Gloria bu tame tso eya ŋutɔ ƒe vodadawo ŋu la, ewɔ nɛ be wodrɔ̃ fɔbubuʋɔnu ye. Ewɔ nɛ be Yehowa matsɔe ake ye akpɔ o.
Ekpɔkpɔ dze sii be wowɔ nu gbegblẽ alo wonɔ agbe masɔmasɔ aɖe ate ŋu aɖe fu na ame ƒe dzitsinya. Esi Dawid wɔ nuvɔ̃ megbe la, eŋlɔ bena: “Avifafa ŋkeke bliboa katã gbã lãme nam. Ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋkeŋ.” (Psalmo 32:3, 4, Today’s English Version; tsɔe sɔ kple Psalmo 51:5.) Gake enye dzidzɔnya be Yehowa lɔ̃na tsɔa vodada kena. ‘Elɔ̃a tsɔtsɔke.’—Psalmo 86:5; Xezekiel 33:11.
Gake ame ƒe dzimee Yehowa kpɔna. Menye seselelãme gbɔlowo ko dzie eƒe tsɔtsɔke nɔ te ɖo o. (Mose II, 34:7; Samuel I, 16:7) Ele be nuvɔ̃wɔla la naʋu eƒe nuvɔ̃ me faa, aɖee afia be yese veve ɖe enu nyateƒe, eye wòaɖe asi le eƒe agbenɔnɔ gbegblẽa ŋu abe ŋunyɔnu si wòle be woalé fui ene. (Psalmo 32:5; Romatɔwo 12:9; Korintotɔwo II, 7:11) Ne nugbegblẽwɔla la wɔ nusiawo ko hafi woatsɔ akee eye “gbɔɖemeɣi” natso Yehowa gbɔ ava nɛ.—Dɔwɔwɔwo 3:19.
Gake le dzimetɔtrɔ megbe gɔ̃ hã la, egawɔna na ame aɖewo be fɔbubua gale yewo dzi kokoko. Ðe wòle be woatsɔ fɔɖiɖigba la mavɔmavɔea? Akɔfafa kae míate ŋu akpɔ le Biblia me na amesiwo trɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me eye woɖe asi le wo ŋu gake woƒe dzi ganɔa veve sem kokoko?—Psalmo 94:19.
Agba la Léle Ði
Esi Dawid ƒe vodadawo do nuxaxa nɛ vevie la, edo gbe ɖa na Yehowa be: “Kpɔ nye nuxaxa kple hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!” (Psalmo 25:18) Le afisia la, menye tsɔtsɔke ko biam Dawid le Yehowa o. Ele biabiam be Yehowa neɖe yeƒe nuvɔ̃gba hã le ye dzi alo wòakɔe ɖa le ye dzi. Nuvɔ̃ me tsonuwo nu sẽ ŋutɔ, eye ɖikekemanɔmee le Dawid gome la, eƒe akpa aɖee nye dzitsinya ƒe fuɖename ƒe agba si nɔ edzi.
Ƒe sia ƒe woɖenɛ fiaa Israel-viwo le nuwɔna si wokpɔna me be Yehowa ate ŋu atsɔ dukɔa ƒe nuvɔ̃wo adzoe. Le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã la daa asi ɖe gbɔ̃tsu aɖe ƒe tame heʋua dukɔa ƒe nuvɔ̃wo me ɖe edzi, eye wòɖoa gbɔ̃tsua ɖe gbedadaƒo ʋĩ. Amesiame si le eteƒe la ate ŋu akpɔ alesi wole dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ɖem ɖae la le susu me.—Mose III, 16:20-22.
Eyata amesiwo trɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me la ƒe dzi ate ŋu adze eme. Avuléŋkekea dzi nuwɔnawo nye vɔvɔli na nuvɔ̃ɖeɖeɖa ŋuti ɖoɖo si de ŋgɔ wu sã—Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la. Yesaya ŋlɔ nyagblɔɖi sia tso Yesu ŋu be: “Ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te.” (Yesaya 53:12) Eyata mele be nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi la ƒe agba nate ɖe dzi dzi na ame o. Gake ɖe Yehowa agava ɖo ŋku nuvɔ̃ siawo dzi emegbea?
Flitete Ðe Nuvɔ̃ ƒe Fea Me
Yesu gblɔ le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la me be: “Natsɔ míaƒe vodadawo [fewo] ake mí.” Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘tsɔ ke’ la nye dɔwɔnya si gɔmee nye “na nane nadzo.” Eyata wotsɔ nuvɔ̃ tsɔtsɔ ke sɔ kple fe tsɔtsɔ ke ame alo flitete ɖe eme.—Tsɔe sɔ kple Mateo 18:23-35.
Petro na nya sia me gakɔ wu esi wògblɔ be: “Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo.” (Dɔwɔwɔwo 3:19) “Woatutu” fia be woaɖee ɖa keŋkeŋ, wòabu ɖa kura. Ehe ame ƒe susu yi nuŋlɔɖi aɖe tutu ɖa, fe siwo woɖu tsɔtsɔ ke dzi.—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 2:13, 14.
Eyata mehiã be amesiwo trɔ dzime navɔ̃ be Mawu alĩ fe si wòtutu ɖa la yewo o. Egblɔ be: “Nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.” (Yesaya 43:25; Romatɔwo 4:7, 8) Nukae esia fia na nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime?
Nuvɔ̃ la Ðeɖeɖa
Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wobiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.”—Yesaya 1:18.
Zi geɖe la, ne wodze agbagba be woaɖe nusi ɖi ɖe awu me sɔ gbɔ ɖa la, medona o. Ne wodze agbagba geɖe la, nua megadzena tututu o gake àkpɔ eteƒe adze si ya. Aleke gbegbe wòfaa akɔe nye si be Yehowa ate ŋu aɖe nuvɔ̃ siwo tɔ ŋku gaglã abe nyagadzĩ alo aɖabɛ ene ɖa eye wòana woafu abe sno ene.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 51:9.
Eyata mele be wòawɔ na nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime be nuvɔ̃ la ƒe ɖi tsi ye ŋu le yeƒe agbemeŋkeke mamleawo me o. Menye vodadawo ƒe akpa aɖe koe Yehowa ɖena ɖa be wòana wòazu ŋukpe mavɔ na dzimetrɔla la o.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 22:16.
Ame Bubuwo ƒe Kpekpeɖeŋu Nana
Togbɔ be Yehowa ɖea agba la le ame dzi, eye wòtsɔa fe si wonyi la kena, hetutua nuvɔ̃ ƒe ɖi la ɖa hã la, ɣeaɖewoɣi dzitsinya ƒe fuɖeɖename ate ŋu awu tsɔtsɔ na amesi trɔ dzime. Paulo ŋlɔ nu tso nugbegblẽwɔla aɖe si nɔ Korinto-hamea me si Mawu tsɔ kee gake ‘nuxaxa akpa ate ŋu ami,’ [“si xa nu ale gbegbe be wòana ta kura,” TEV]’ la ŋu.—Korintotɔwo II, 2:7.
Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesia ŋu? Paulo yi edzi be: “Mele nu xlɔ̃m mi bena: Mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ŋu ɖe eyama dzi.” (Korintotɔwo II, 2:8) Nya si Paulo zã si gɔme woɖe be “nasẽ ŋu ɖe eyama dzi” la nye nya si wozãna le senyawo me si gɔmee nye be “woatsɔ ŋusẽgbalẽ aɖo kpe nu ƒe nyateƒenyenye dzii.” Ẽ, dzimetrɔla siwo Yehowa tsɔ kee hã hiã na kpeɖodzi, alo wo xɔxɔ de hamea me ƒe dzesi tso wo hati Kristotɔwo gbɔ.
Eme kɔ ƒã be esia wɔwɔ ate ŋu axɔ ɣeyiɣi. Ele be nuvɔ̃wɔla la naɖee fia to eƒe agbenɔnɔ dzi be yeɖe asi le yeƒe nuvɔ̃a ŋu eye be vlododo si nuvɔ̃a he vɛ la nu va yi eye wòanɔ agbe si ana woaka ɖe edzi be yele dzɔdzɔenyenye lɔ̃m. Ele be wòatsɔ dzigbɔɖi ado dzi le amesiwo ŋu eƒe nuvɔ̃ siwo wòwɔ va yi gblẽ nu le la ƒe seselelãmewo nu. Gake le ɣeyiɣi si me wòle nusiawo wɔm la, ate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke bliboe dzi, abe alesi Dawid ka ɖe edzii ene esi wògblɔ be: “Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema [Yehowa te] mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.”—Psalmo 103:12.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔa.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]
Vi bubu la ƒe tɔtrɔgbɔ, abe alesi Rembrandt tae ene, 1606-1669: Scala/Art Resource, N.Y.