INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 27-29
  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—1996
  • Nusiwo Nye Kaisaro Tɔ Tsɔtsɔ Na Kaisaro
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ʋɔnu Madzɔmadzɔtɔ Kekeake Si Wodrɔ̃ Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 27-29

Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae wòle be Kristotɔ nawɔ ne wobia tso esi be wòakpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro ŋu?

Le dukɔ aɖewo me la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo zãa ʋɔnunyamedzrola siwo wotia tso dukɔmeviwo dome. Afisi nusia le la, ele be Kristotɔ natso nya me le alesi wòawɔ ŋu ne wobia tso esi be wòava kpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro aɖe ŋu. Kristotɔ geɖe tsɔ dzitsinya nyui ƒo nya ta be menye ɖe Biblia me gɔmeɖosewo gblɔ be womegayi o, abe alesi Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wowɔ ɖe Babilon-dziɖuɖua ƒe sedede be woava Dura-balia me dzi ene eye abe alesi Yosef kple Maria woyi Betlexem le Roma-dziɖuɖua ƒe sedede nu ene. (Daniel 3:1-12; Luka 2:1-4) Gake nanewo li siwo ŋu nyateƒe Kristotɔwo abu.

Menye afisiafie wozãa ʋɔnunyamedzrolawo le o. Le dukɔ aɖewo me la, ʋɔnudrɔ̃la alo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe hae drɔ̃a dzrenya kple nugbegblẽwɔnya bubuwo. Nusi woyɔna be dekɔnuse ye le teƒe bubuwo eye ʋɔnunyamedzrolawo hã kpe ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋu. Gake ame akpa gãtɔ menya nu gobii aɖeke tso alesi wowɔna tiaa ʋɔnunyamedzrola siawoe kple woƒe dɔwɔnawo ŋuti o. Eyata nunyanya tso nu bliboa katã ŋu nyuie akpe ɖe ŋuwò ne wobia tso asiwò be nàna kpekpeɖeŋu le ʋɔnunyamedzodzro me loo alo womebia wò o.

Mawu ƒe amewo nya be Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃lagã la. (Yesaya 33:22) Le blema Israel la, ŋutsu siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su, amesiwo nye ame dzɔdzɔewo eye womekpɔa ame ŋkume o lae nye ʋɔnudrɔ̃la siwo kpɔa dzrenyawo kple senyawo gbɔ. (Mose II, 18:13-22; Mose III, 19:15; Mose V, 21:18-21) Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la, Sanhedrin si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ye kpɔa ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ. (Marko 15:1; Dɔwɔwɔwo 5:27-34) Se meɖe mɔ be Yudatɔ ɖesiaɖe nanɔ ʋɔnunyamedzroha me o.

Dukɔ bubuwo zã ʋɔnunyamedzrola siwo nye dukɔmeviwo. Ʋɔnunyamedzrola 501 ye drɔ̃ ʋɔnu Socrates. Tsã le Roma-fiaɖuƒea me hã la, ʋɔnunyamedzrolawoe drɔ̃a ʋɔnu, gake woɖe esia ɖa le woƒe fiagãwo ƒe dziɖuɣi. Emegbe England-fia Henry III wɔ se be amesiwo nu wotso ƒe aƒelikawo nadrɔ̃ ʋɔnui. Wosusui be esi wònye woawoe nya amea nyuie ta la, woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asɔ wu ɖoɖo siwo me amesi nu wotso la dzea agbagba lena be yeato avuwɔwɔ alo dzidodo le fukpekpe dziŋɔ aɖe me atsɔ aɖee afia be yemeɖi fɔ o. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ʋɔnunyamedzrolawo ƒe ɖoɖoa va trɔ eye wova bia tso dumeviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si be woadzro nugbegblẽwɔnya aɖe me ahatso afia si nɔ te ɖe ɖaseɖiɖi si li dzi. Ʋɔnudrɔ̃la si ƒe dɔ koŋ enye ma la fiaa nusi woawɔ la wo le kpeɖodzinya veviwo nu.

Ʋɔnunyamedzroha vovovowo kple alesi wòle be woƒe xexlẽme nanɔ kple nusi afiatsotso bia le ame si lae li. Le kpɔɖeŋu me le United States la, ʋɔnunyamedzroha si me tɔwo nyea ame 12 vaseɖe 23 ye tsoa nya me ne kpeɖodzi sɔgbɔ si ta woatsɔ nya ɖe ame ŋu le ʋɔnu le nu gbegblẽ si wòwɔ ta la li; menye woawoe tsoa afia be amea ɖi fɔ alo meɖi fɔ o. Nenema ke le nya siwo me wokuna gbã do ŋgɔ na nyaa dɔdrɔ̃ me la, ʋɔnunyamedzrolawo daa kpeɖodzia kpɔna be woanya ne nu gbegblẽ aɖee amea wɔ.

Ne wobe ʋɔnunyamedzroha la, ame akpa gãtɔ susuna be dukɔmevi 12 ƒe ha si le nya aɖe drɔ̃mee wowɔnɛ—eɖanye dzrenya aɖe alo nugbegblẽwɔnya aɖe o—amesiwo sea ɖaseɖiɖia be woatso nya me be amea ɖi fɔ alo meɖii o. Ʋɔnunyamedzroha sue aɖe koe esia nye, esi to vovo na ʋɔnunyamedzroha si léa nya la kpɔ do ŋgɔ na edɔdrɔ̃ koŋ le ʋɔnu. Zi geɖe la, ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖoa ʋɔnunyamedzroha me nɔnɔ lɛtawo ɖe amesiwo wotia tso akɔdalawo, ʋukula siwo wona mɔɖegbalẽe, kple ame hatsotso bubuwo ƒe ŋkɔwo me. Woate ŋu agbe wo dometɔ aɖewo godoo, abe amesiwo ŋu wotsɔ nugbegblẽwɔnya ɖo kpɔ va yi kple amesiwo ƒe susu mele dɔ wɔm nyuie tututu o ene. Le nusi nutoa me se bia nu la, ame bubuwo—abe ɖɔktawo, osɔfowo, senyalawo alo asivitsalawo ene—ate ŋu abia be woaɖe yewo le eme. (Ame aɖewo abia be woaɖe yewo le eme le esi woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo kurakura be woanɔ ʋɔnunyamedzodzro me o ta.) Ke hã dziɖuɖuwo meva le asi dam ɖe biabia be woaɖe yewo le eme dzi o eyata eva nye dzizizi na amesiame be wòayi aɖakpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro ŋuti, ɖewohĩ zi geɖe hena ƒe geɖe.

Menye amesiwo yina be woakpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro ŋu la katãe nɔa anyi ɖe ʋɔnunyaa dzi o. Wotɔa asi amesiwo si wobia tsoe be woava kpe asi ɖe ʋɔnunyamedzodzro ŋu ƒe ɖewo dzi vlavo tiana be woayi ɖe nya aɖe me. Azɔ ʋɔnudrɔ̃la la yɔa amesiwo ŋu nya la ku ɖo kple woƒe senyalawo ŋkɔwo hegblɔa nya si tɔgbe wònye. Ʋɔnudrɔ̃laa kple senyalawo dzroa amesiwo si wobia le be woanɔ ʋɔnunyamedzroha me dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme me. Ɣeyiɣi sia mee wòle be amesi ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòanɔ nyaa dɔdrɔ̃ me o le alesi nyaa le ta la naƒo nu kple dzideƒo.

Eva hiãna be woaɖe ameawo ƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ wòasusɔ ame xexlẽme si akpɔ nyaa gbɔ ade goe. Ʋɔnudrɔ̃la la aɖe asi le amesiwo woabu be woakpɔ ame ŋkume la ŋu le alesi nane anɔ vevie na wo le nyaa me ta. Azɔ hã la, ŋusẽ le ame akpa evea ƒe senyalawo si be woaɖe asi le ʋɔnunyamedzrola ʋee aɖewo ŋu. Ʋɔnunyamedzrola siwo ŋu woɖe asi le la trɔna yia ʋɔnunyamedzroha me lalana be woatɔ asi yewo dzi atia hena nya bubuwo gbɔ kpɔkpɔ. Kristotɔ aɖewo siwo le nɔnɔme sia me la zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖi vomeɖasee. Le ŋkeke aɖewo megbe la, amesi si wobia le be wòanɔ ʋɔnunyamedzodzro me la ƒe dɔdasi wua enu, eɖanɔ anyi ɖe nyaa dzi loo alo menɔe o.

Kristotɔwo dzea agbagba ‘be yewoakpɔ yewo ŋutɔwo ƒe nya gbɔ kpoo,’ eye yewomado ‘gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me o.’ (Tesalonikatɔwo I, 4:11; Petro I, 4:15) Esi Yudatɔ aɖe bia Yesu be wòadrɔ̃ domenyinyi ŋu nya aɖe na yewo la, eɖo eŋu be: “Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?” (Luka 12:13, 14) Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gblɔ gee Yesu va, menye nyadrɔ̃ƒee wòva o. (Luka 4:18, 43) Alesi Yesu ɖo nyaa ŋui na ŋutsua anya ʋãe wòwɔ nyagbɔkpɔmɔnu si wogblɔ le Mawu ƒe Se la me ŋudɔ. (Mose V, 1:16, 17) Togbɔ be nya siawo sɔ hã la, wɔwɔ ɖe biabia be woava kpe asi ɖe ʋɔnunya aɖe me dzodzro ŋu dzi la to vovo tso ameɖokuiƒoƒo ɖe ame bubuwo ƒe nya me gbɔ. Nya la ɖi nɔnɔme si me Daniel xɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ. Babilon-dziɖuɖua bia tso wo si be woava Dura-bali me, eye woƒe yiyi menye Mawu ƒe Se dzi dada o. Nusi wowɔ emegbe la nye nya bubu abe alesi Biblia ɖee fia ene.—Daniel 3:16-18.

Esi Mawu subɔlawo megale Mose ƒe Sea te o ta la, eva hiã be woatsɔ woƒe nyawo ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo le anyigba vovovowo dzi. Apostolo Paulo de dzi ƒo na “ame kɔkɔewo” le Korinto be woakpɔ woƒe masɔmasɔwo gbɔ le hamea me. Togbɔ be Paulo yɔ xexeameʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be “ame madzɔmadzɔwo” hã la, megbe be xexeameʋɔnudrɔ̃ƒe mawo ƒe wɔƒe meli le xexemenyawo me o. (Korintotɔwo I, 6:1) Eʋli eɖokui ta le Romatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye wòtsɔ eƒe nya de Kaisaro si me gɔ̃ hã. Esia mefia be xexeameʋɔnudrɔ̃ƒewo gblẽ o.—Dɔwɔwɔwo 24:10; 25:10, 11.

Xexeameʋɔnudrɔ̃ƒewo nye “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” ƒe dɔwɔwɔ. Mawue ‘da’ dziɖuɖu mawo ‘ɖe woƒe nɔƒe siwo bɔbɔ ɖe anyi,’ eye wowɔa sewo hekpɔa egbɔ be wowɔ wo dzi. Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsɔa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wɔm la wònye.” Kristotɔwo ‘metsia tre ɖe dziɖuɖu ŋu’ esi wòle senya mawo gbɔ kpɔm o, elabena womedi be ‘yewoatsi tre ɖe eŋu’ ne wòadrɔ̃ ʋɔnu yewo o.—Romatɔwo 13:1-4; Tito 3:1.

Le nuwo dada kpɔ me la, ele be Kristotɔwo nabu eŋu akpɔ ne woate ŋu awɔ ɖe Kaisaro ƒe nudidi aɖewo dzi. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mitu fe na amesiame [dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na], alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, mivɔ̃e.” (Romatɔwo 13:7) Nya mawo ku ɖe adzɔxexe ŋu tẽe. (Mateo 22:17-21) Ne Kaisaro bia be dumeviwo natsɔ woƒe ɣeyiɣiwo kple ŋusẽ ana adzra lɔrimɔwo dzi ɖo alo awɔ Kaisaro ƒe dɔ bubu aɖewo la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe natso nya me ne awɔe loo alo mawɔe o.—Mateo 5:41.

Kristotɔ aɖewo bu ʋɔnunyamedzroha me nɔnɔ be enye nusi nye Kaisaro tɔ tsɔtsɔ na Kaisaro. (Luka 20:25) Dɔ si wowɔna le ʋɔnunyamedzodzro mee nye be woase kpeɖodzinya ahagblɔ ame ƒe susu anukwaɖeɖiɖitɔe le nudzɔdzɔa alo sea ŋu nya veviwo ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, le ʋɔnunyamedzodzro me la, ʋɔnunyamedzrolawoe atso nya me ne ɖaseɖiɖia dze be woakplɔ amea ayi ʋɔnui; menye woawoe tsoa afia be amea ɖi fɔ o. Ke nya si wotsɔ yia ʋɔnui ya ɖe? Ne dzrenyae la, ʋɔnunyamedzroha la ana woaxe nugblẽfe na amesi ƒe nya dzɔ la. Ne hlɔ̃nyae la, woalé ŋku ɖe eŋu akpɔ ɖa be ɖaseɖiɖia sɔ ɖe fɔbuamefiatsotsoa nu hã. Ɣeaɖewoɣi la, woɖoa aɖaŋu le to si sea bia be woahe la ŋuti. Azɔ dziɖuɖua zãa eƒe ŋusẽ “tsɔa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wɔm,” alo ‘hea to na vɔ̃wɔlawo.’—Petro I, 2:14.

Ke ne Kristotɔ aɖe kpɔe be yeƒe dzitsinya meɖe mɔ na ye be yeanɔ ʋɔnunyamedzroha aɖe me o ɖe? Esi wònye Biblia meƒo nu tso ʋɔnunyamedzrodɔ ŋu o ta la, mate ŋu agblɔ be ‘Ʋɔnunyamedzroha me nɔnɔ tsi tre ɖe nye subɔsubɔ ŋu’ o. Le nya si wònye nu la, ate ŋu agblɔ be ʋɔnunyamedzroha me nɔnɔ hena nya aɖe koŋ gbɔ kpɔkpɔ tsi tre ɖe yeƒe dzitsinya ŋu. Aleae wòle be wòanɔ ne nya la nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, fuɖeɖe, amewuwu, alo nya bubu aɖe si ŋu eƒe susu to vovo le le Biblia me sidzedze si su esi ta, ke menye nusi dziɖuɖusea bia ɖeɖeko o. Gake le nyateƒe me la, ate ŋu adzɔ be nya si tae wotiae ɖo la meku ɖe nya mawo ŋu o.

Kristotɔ tsitsi ade ŋugble akpɔe ɖa hã be ɖe afia si ʋɔnudrɔ̃lawo atso ƒe agba aɖe anɔ ye dzi hã. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 39:17-20; Timoteo I, 5:22.) Ne fɔbuamefia si wotso la medzɔ o eye wotso kufia na amea la, ɖe Kristotɔ si nɔ ʋɔnunyamedzroha me la aɖi ʋufɔa? (Mose II, 22:1; Mose V, 21:8; 22:8; Yeremya 2:34; Mateo 23:35; Dɔwɔwɔwo 18:6) Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu be woawui la, Pilato di be ‘yeƒe asi ŋu nakɔ le ŋutsu sia ƒe ʋu me.’ Tete Yudatɔwo gblɔ be: “Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!”—Mateo 27:24, 25.

Ne Kristotɔ wɔ ɖe yɔyɔa dzi hena ʋɔnunyamedzodzro me nɔnɔ abe alesi dziɖuɖua bia ene gake le eƒe dzitsinya ta wògbe asikpekpe ɖe ʋɔnunya aɖe koŋ me dzodzro ŋu togbɔ be ʋɔnudrɔ̃la la ƒoe ɖe enu hã la, ele be Kristotɔ la nanɔ dzadzraɖoɖi be yeanɔ te ɖe emetsonuwo nu—eɖanye fedoname alo amedede gaxɔ me o.—Petro I, 2:19.

Míagblɔ atsɔ aƒo etae be ele be Kristotɔ ɖesiaɖe si si wobia le be wòanɔ ʋɔnunyamedzodzro me la nanɔ te ɖe eƒe Biblia gɔmesese alo eya ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi atso nya me le nusi wòawɔ ŋu. Kristotɔ aɖewo wɔ ɖe asikpekpe ɖe ʋɔnunyamedzodzro ƒe yɔyɔ dzi eye wokpɔ gome le ɖewo me. Bubuwo kpɔe be ele be yewoagbe togbɔ be wobe woahe to na wo gake. Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe natso nya me le nusi wòawɔ ŋu, eye mele be ame bubuwo naƒo nu tsi tre ɖe eƒe nyametsotsoa ŋu o.—Galatiatɔwo 6:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe