Mawu Ƒe Fiaɖuƒea—Èle Egɔme Sema?
“Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme.”—MATEO 13:23.
1. Nukawoe nye ‘dziƒofiaɖuƒea’ ŋuti dzixɔse siwo bɔ la dometɔ aɖewo?
‘ÈSE’ nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye la ‘gɔmea’? ‘Dziƒofiaɖuƒea’ ŋuti susuwo to vovo ŋutɔ le ƒe alafawo me. Dzixɔse bɔbɔ aɖe si le hamevi aɖewo si egbeae nye be Fiaɖuƒea nye nane si Mawu tsɔ dea dzime na ame le eƒe dzimetrɔɣi. Ame bubuwo tsɔe be enye teƒe si ame nyuiwo yina le woƒe ku megbe ɖakpɔa dzidzɔ blibo ɖaa. Bubuwo hã gblɔna be Mawu gblẽe ɖe amegbetɔwo si be woato woƒe dɔwɔwɔ dzi aƒã Kristotɔwo ƒe nufiafia kple nuwɔnawo ɖe hadome kple dziɖuɖunyawo me atsɔ ahe Fiaɖuƒea va anyigba dzii.
2. Aleke Biblia ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea mee, eye nukae wòava wɔ?
2 Gake Biblia ɖee fia eme kɔ ƒã be Mawu ƒe Fiaɖuƒea menye habɔbɔ le anyigba dzi o. Menye dzi ƒe nɔnɔme alo ameƒomea wɔwɔ Kristotɔwoe wònye o. Nyateƒee, nusi Fiaɖuƒe sia nye gɔmesese nyuie na amesiwo xɔa edzi sena la wɔa tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ me. Gake Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu si wòɖo si ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme, eye wòaɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖa ahaɖo nɔnɔme dzɔdzɔewo anyigba dzi ake lae Fiaɖuƒea ŋutɔ nye. Fiaɖuƒe sia xɔ ŋusẽ le dziƒo xoxo, eye eteƒe madidi o “agbã [amegbetɔ ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15; 12:10.
3. Mɔnu kae woʋu na amegbetɔwo esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme?
3 Ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells ŋlɔe be: “Edze ƒã be Dziƒofiaɖuƒea ŋuti nufiafia sia si nye Yesu ƒe nufiafia vevitɔ, gake womeƒoa nu tso eŋu boo le Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me o la nye nufiafia siwo trɔna wu siwo ʋã amegbetɔ ƒe tamesusu hetrɔe la dometɔ ɖeka.” Tso dɔa gɔmedzeɣi ke la, Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe tanyae nye: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:17) Enye Fia amesiamina si nɔ anyi ɣemaɣi, eye dzidzɔ gã kae nye si wònye be wòʋu mɔ na amegbetɔwo, menye be woaxɔ Fiaɖuƒe ma ƒe yayrawo ko o ke be woanye dziɖuhatiwo kple nunɔlawo kple Yesu le Fiaɖuƒe ma me!—Luka 22:28-30; Nyaɖeɖefia 1:6; 5:10.
4. Aleke amehawo wɔ nu ɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la ŋui le ƒe alafa gbãtɔ me, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kae wòhe vɛ?
4 Togbɔ be ame gbogbo aɖewoe se “fiaɖuƒe la ƒe nyanyui” la hã la, ame ʋee aɖewo koe xɔe se. Nusiwo tae ƒe ɖee nye be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo “[tu] dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu.” Woto woƒe aʋatsonufiafiawo dzi “[tsɔ] nunya ƒe safui la dzoe.” Esi ame akpa gãtɔ gbe Yesu be menye eyae nye Mesia la kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia amesiamina la o ta la, Yesu gblɔ na wo be: “Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.”—Mateo 4:23; 21:43; 23:13; Luka 11:52.
5. Aleke amesiwo se Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo ƒe akpa gãtɔ ɖee fia be yewomesee kple gɔmesese o?
5 Esi Yesu nɔ nu fiam ameha gã aɖe ɣeaɖeɣi la, ezã kpɔɖeŋu vovovowo abe alesi wòwɔnɛ ene, tsɔ do ameha la kpɔe eye wòɖe amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒea me le gota gome ko la ɖa. Kpɔɖeŋu gbãtɔ ku ɖe nukuwula si wu nuku ɖe anyigba ƒomevi ene dzi la ŋuti. Anyigba etɔ̃ gbãtɔwo menyo na nukuwo dodo o gake mlɔetɔ nye “anyigba nyui” si tse ku geɖe. Kpɔɖeŋu kpui la wu enu kple nuxlɔ̃ame sia be: “Amesi to senu li nɛ la, nesee.” (Mateo 13:1-9) Eƒe nya la ge ɖe tome na amesiwo nɔ afima ƒe akpa gãtɔ, gake ‘womesee’ o. Naneke meʋã wo o eye wometsɔ ɖeke le eme be yewoanya alesi nukuwuwu le nɔnɔme vovovowo me le abe Dziƒofiaɖuƒe la ene o. Woyi aƒeme gayi woƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi, ɖewohĩ henɔ susum be ŋutinya vivi siwo wotsɔ agbenyuinɔnɔ ɖo tanyae na koe Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo nye. Gɔmesese gã kple mɔnukpɔkpɔ kple asinukpɔkpɔ ka gbegbee nye si bu ɖe wo le esi woƒe dzi ku atri ta!
6. Nukata wònye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo koe wona “dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo” gɔmesesee?
6 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o.” Eyɔ nya tso Yesaya me eye wògagblɔ be: “‘Dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.’ Ke woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.”—Mateo 13:10-16; Marko 4:11-13, Míawoe te gbe ɖe dzi.
Fiaɖuƒe la ‘Gɔmesese’
7. Nukata wòle vevie be ‘míase’ Fiaɖuƒe la ‘gɔme?’
7 Yesu tɔ ati kuxia. Fiaɖuƒegbedasia ‘gɔmesese’ ŋue wòku ɖo. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖeko be: “Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti. Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me.” Eyi edzi ɖe eme be anyigba ƒomevi eneawo fia dzi ƒe nɔnɔme vovovo siwo me woaƒã “fiaɖuƒeŋutinya” la ɖo.—Mateo 13:18-23; Luka 8:9-15, Míawoe te gbe ɖe dzi.
8. Nukae na “nuku” si wowu ɖe anyigba ƒomevi etɔ̃ gbãtɔawo dzi metse ku o?
8 “Nuku” la nyo le go ɖesiaɖe me, gake eƒe tsetse atso anyigba ƒe nɔnɔme gbɔ. Ne dzi ƒe anyigba la le abe mɔ si dzi amewo tona ɣesiaɣi ene, si nuwɔna siwo menye gbɔgbɔmetɔwo o te sesĩe la, anɔ bɔbɔe na amesi se Fiaɖuƒegbedasia be wòado taflatse agblɔ be vovo menɔ ye ŋu ɖe Fiaɖuƒea ŋu o. Woate ŋu afɔ nuku si tsi go dzi la bɔbɔe hafi wòava to ke. Ke ne dzi si ɖi kpenyigba dzie woƒã nukua ɖo ya ɖe? Nukua ate ŋu amie gake asesẽ nɛ be wòato ke wòade to be wòakpɔ nuɖuɖu ahali ke. Mawu subɔla toɖola nyenye, vevietɔ le yometiti sesẽ me asesẽ nɛ ŋutɔ eye wòakli nu adze anyi. Eye nenema ke ne dzimaɖitsitsi siwo le abe ŋu ene alo kesinɔtɔzuzu ƒe ŋutilãmenudidi bɔ ɖe dzi ƒe anyigba dzi la, avu atsyɔ Fiaɖuƒenuku beli la dzi. Womatse Fiaɖuƒea ƒe ku aɖeke le agbemenɔnɔme ŋutɔŋutɔ etɔ̃ siawo me o.
9. Nukata nuku si wowu ɖe anyigba nyui dzi la te ŋu tse nyuie?
9 Ke Fiaɖuƒenuku si wowu ɖe anyigba nyui dzi ya ɖe? Yesu ɖo eŋu be: “Nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.” (Mateo 13:23, Míawoe te gbe ɖe dzi.) Ne ‘wose’ Fiaɖuƒe la ‘gɔme’ la, woatse ku geɖe le nɔnɔme si me wo dometɔ ɖesiaɖe le nu.
Agbanɔamedzi Kpena Ðe Gɔmesese Ŋu
10. (a) Aleke Yesu ɖee fia be Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ hea yayrawo kple agbanɔamedzi siaa vɛ? (b) Ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo ŋu koe dɔ si Yesu de asi be woawɔ nusrɔ̃lawo la ku ɖoa?
10 Esi Yesu gagblɔ kpɔɖeŋu ade bubu tsɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovoawo mee vɔ la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ðe miese nusiawo katã gɔmea?” [Míawoe te gbe ɖe dzi.] Esi woɖo eŋu be “ẽ” la, egblɔ be: “Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.” Yesu ƒe nufiafia kple hehe si wòna la atu eƒe nusrɔ̃lawo ɖo woazu Kristotɔ tsitsi siwo ate ŋu aɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu dami siwo mavɔ o la tso woƒe ‘nudzraɖoƒee.’ Nusia ƒe akpa gãtɔ ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yesu na eme kɔ be menye yayrawo koe Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ ahe vɛ o ke agbanɔamedziwo hãe. Ede se be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 13:51, 52; 28:19, 20.
11. Esi ƒe 1914 ɖo la, Fiaɖuƒea ŋuti nudzɔdzɔ kawoe dzɔ?
11 Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, eyi edzi nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃la vavãwo le ƒe alafawo me vaseɖe egbea. Le ŋkeke mamle siawo me la, ena gɔmesese wo vivivi eye ebiaa alesi wowɔa nyateƒea ƒe kekeli si le dzidzim ɖe dzi ŋudɔe hã ƒe akɔnta wo. (Luka 19:11-15, 26) Le ƒe 1914 me la, Fiaɖuƒenudzɔdzɔwo te emevava wòɖe dzesi. Menye Fiaɖuƒe si wokpɔ mɔ na ɣeyiɣi didi aɖe koe ‘wodzi’ le ƒe ma me o ke ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ hã dze egɔme. (Nyaɖeɖefia 11:15; 12:5, 10; Daniel 7:13, 14, 27) Esi Kristotɔ vavãwo se nusi fifi nudzɔdzɔwo fia gɔme la, wowɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ gãtɔ kekeake le ŋutinya me. Yesu gblɔ esia ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.
12. (a) Nukae do tso egbegbe Fiaɖuƒeɖaseɖiɖi gã la me? (b) Afɔku kae li na Kristotɔwo le xexe sia si me ɖikeke le la me?
12 Fiaɖuƒeɖaseɖiɖi gã sia ɖo anyigba 230 kple vɔ dzi. Nusrɔ̃la vavã siwo ade miliɔn atɔ̃ [kpeɖodzi le eŋu] la le dɔ sia wɔm xoxo, eye wogale ame bubuwo nu ƒom ƒu. Gake ne míetsɔ nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme sɔ kple anyigbadzinɔla biliɔn 5.6 la, edze ƒã abe alesi wònɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ene be, ameƒomea ƒe akpa gãtɔ ‘mese’ Fiaɖuƒea ‘gɔme o.’ Ame geɖe ɖua fewu abe alesi wogblɔe ɖi ene be: “Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le?” (Petro II, 3:3, 4) Afɔku si wònye na mí Kristotɔwoe nye be woƒe ɖekematsɔleme, ɖikeke, kple ŋutilãmenudidi ƒe nuwɔna ate ŋu ava akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua míaƒe Fiaɖuƒemɔnukpɔkpɔwoe la dzi vivivi. Esi xexe sia me tɔwo ƒo xlã mí ta la, anɔ bɔbɔe be míava nɔ woƒe nɔnɔme kple nuwɔna aɖewo srɔ̃m. Aleke gbegbe wòle vevie enye si be ‘míase’ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘gɔme’ ahaku ɖe eŋu!
Mía Ðokui Dodokpɔ le Fiaɖuƒea Ŋuti
13. Le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, aleke míate ŋu adoe akpɔ anya nenye be míeyi edzi le ‘esem’ kple gɔmesese?
13 Yesu gblɔ le nuŋeɣi si me míele ŋu be: “Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu . . . Tete ame dzɔdzɔewo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Amesi to senu li nɛ la, nesee.” (Mateo 13:41, 43) Ðe nèyi edzi le sedede be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea eye woawɔ nusrɔ̃lawo la ‘sem’ hele edzi wɔm toɖoɖotɔea? Ðo ŋku edzi be “nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la” ‘se nya la eye wòse egɔme’ eye wòtse ku geɖe.—Mateo 13:23.
14. Ne wona mɔfiame mí la, aleke míaɖee afia be ‘míese’ aɖaŋu si woɖo ‘gɔme?’
14 Ne míele ɖokuisi nu srɔ̃m eye míeyi Kristotɔwo ƒe kpekpewo la, ele be ‘míabi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋuti.’ (Lododowo 2:1-4) Ne woɖo aɖaŋu na mí le agbenɔnɔ, awudodo, hadzidzi, kple modzakaɖeɖe ŋu la, ele be míana wòage ɖe míaƒe dzime eye wòaʋã mí míawɔ tɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã. Mègabui ɖewoɖewoe, ado taflatsewo, alo ato mɔ aɖe dzi agbe edziwɔwɔ gbeɖe o. Ne Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ le míaƒe agbe me la, míanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu eye míaɖe gbeƒãe na ame bubuwo dzonɔamemetɔe. Yesu gblɔ be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.”—Mateo 7:21-23.
15. Nukata wòle vevie be ‘míadi fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã?’
15 Amegbetɔ ƒe nɔnɔmee nye be wòatsi dzi ɖe nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe si hiã la ŋu, gake Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33, 34) Ne èle nusiwo le vevie wu ɖom la, tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me. Na wò agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe, nuhiahiã veviwo naɖi ƒo na wò. Nunya manɔ eme be míatsɔ dɔwɔna siwo mehiã o kple kɔlili ŋutilãmenuwo ayɔ míaƒe agbenɔnɔ me, ɖewohĩ anɔ susum be nusia wɔwɔ sɔ elabena nusiawo menye nu gbegblẽ le wo ɖokui si kokoko o ta o. Togbɔ be ema anye nyateƒe hã la, nukae kɔlili nusiawo siwo mele vevie o kple wo zazã awɔ le míaƒe ɖoɖowɔwɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu? Yesu gblɔ be Fiaɖuƒea le abe asitsala si kpɔ “dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, [eye wòyi] ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒlee.” (Mateo 13:45, 46) Aleae wòle be míase le mía ɖokui me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Ele be míasrɔ̃ Paulo ke menye Dema si gblẽ subɔsubɔdɔa ɖi “le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti” o.—Timoteo II, 4:10, 18; Mateo 19:23, 24; Filipitɔwo 3:7, 8, 13, 14; Timoteo I, 6:9, 10, 17-19.
‘Ame Madzɔmadzɔwo Manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe Dome O’
16. Aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ akpe ɖe mía ŋu míatsri agbenɔnɔ gbegblẽwoe?
16 Esi Korinto-hamea ɖe mɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu la, Paulo gblɔ kaŋ be: “Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ne ‘míese’ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘gɔme’ la, míable mía ɖokui anɔ susum be zi alesi Yehowa akpɔ mí míaƒe ŋku nabiã ɖe Kristotɔ ƒe subɔsubɔ ŋu ko la, aɖe mɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi aɖe ŋu o. Mele be woaƒo nu le makɔmakɔnyenye ŋu gɔ̃ hã le mía dome o. (Efesotɔwo 5:3-5) Ðe nède dzesii be xexeme sia ƒe tamebubu kple nuwɔna nyɔŋu aɖewo te gege ɖe wo agbenɔnɔ me dzaa? Ðe wo ɖa le wò agbenɔnɔ me enumake! Fiaɖuƒea xɔ asi akpa be woaxa ɖe nu mawo ta wòabu ɖe ame.—Marko 9:47.
17. Mɔ kawo nue ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu atu ɖokuibɔbɔ ɖo ɖe mía me ahaɖe nuɖianuwo ɖae?
17 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Ameka ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me mahã?” Yesu ɖo eŋu esi wòtsɔ ɖevi sue aɖe ɖo wo titina hegblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.” (Mateo 18:1-6) Dadalawo, fuɖenamelawo, ɖekematsɔletɔwo, kple sedzimawɔlawo manɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o, eye womanye Fiaɖuƒea teviwo hã o. Ðe lɔlɔ̃ si le asiwò na nɔviwòwo, wò ɖokuibɔbɔ, wò mawuvɔvɔ̃ ʋãa wò be mètsɔa wò agbenɔnɔ naa nukikli ame bubuwo oa? Alo ɖe nètea tɔ ɖe wò “gomewo” dzi eɖanye aleke nuwɔna kple agbenɔnɔ sia ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo ŋui oa?—Romatɔwo 14:13, 17.
18. Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea na wowɔ Eƒe lɔlɔ̃nu “le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” la, nukae wòawɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo?
18 Eteƒe madidi o míaƒe Dziƒofofo Yehowa aɖo gbedodoɖa vevi sia ŋu bliboe: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Eteƒe madidi kura o Fia Yesu Kristo si le dzi ɖum la ava be wòabɔbɔ nɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi amã “alẽwo” ɖa tso “gbɔ̃wo” gbɔ. Le ɣeyiɣi ɖoɖi ma dzi la, “fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!” Gbɔ̃awo “[ayi] ɖe [tsɔtsrɔ̃, NW] mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la woayi ɖe agbe mavɔ la me.” (Mateo 6:10; 25:31-34, 46) “Xaxa gã” la aɖe nuɖoanyi xoxoa kple amesiwo katã gbe Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ la ɖa. Gake “xaxa gã” la me agbetsila miliɔn geɖeawo kple ame biliɔn siwo woafɔ ɖe tsitre la anyi Fiaɖuƒea ƒe yayrawo ƒe dome ɖaa le Paradisonyigba si wogaɖo la dzi. (Nyaɖeɖefia 7:14) Fiaɖuƒe lae nye anyigba ƒe dziɖuɖu yeye si le dzi ɖum tso dziƒo. Ana Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea nava eme keŋkeŋ, eye wo katã anye ŋutikɔkɔe na eƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la. Ðe ema menye domenyinu si dze be míawɔ dɔ akpɔ, míatsɔ nuwo asa vɔe na, ahalala oa? Nusiae wòle be Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ nafia na mí!
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la?
◻ Nukata Yesu ƒe nyaselawo ƒe akpa gãtɔ ‘mese’ Fiaɖuƒea ‘gɔme’ o?
◻ Aleke Fiaɖuƒea ‘gɔmesese’ hea yayrawo kple agbanɔamedzi siaa vɛ?
◻ Le gbeƒãɖeɖe ŋu la, nukae ɖenɛ fiana nenye be ‘míese’ Fiaɖuƒea ‘gɔme’ alo míese egɔme o?
◻ Aleke míetsɔa míaƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fianae be ‘míese’ aɖaŋu si woɖo la ‘gɔme?’
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ‘se’ Fiaɖuƒea ‘gɔme’ eye wotse ku nyuiwo