Àwɔ Ðe Yehowa Ƒe Nuxlɔ̃ame Siwo Me Kɔ La Dzia?
“Mɔ la enye si, mito edzi!”—YES. 30:21.
1, 2. Nu ka ƒe adeklo dzie Satana le, eye aleke Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu?
NE MƆFIADZESI aɖe mele mɔ nyuitɔ fiam o la, menye ɖeko wòaflu ame o, ke ate ŋu akplɔ ame ade afɔku me hã. Tsɔe be xɔ̃wò aɖe xlɔ̃ nu wò be ame vɔ̃ɖi aɖe ɖoe koŋ trɔ mɔfiadzesi aɖe wòfia mɔ bubu aɖe ale be yeate ŋu awɔ nu vevi mɔzɔla siwo menya o la. Ðe nàɖo to eƒe nuxlɔ̃amea?
2 Kakaɖedzitɔe la, Satanae nye futɔ vɔ̃ɖi si le adeklo dzi be yeakplɔ mí atra. (Nyaɖ. 12:9) Eya gbɔe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo katã me míedzro le nyati gbãtɔa me la tso, eye eƒe taɖodzinue nye be yeana míatra ɖa tso agbe mavɔ mɔa dzi. (Mat. 7:13, 14) Míada akpe be mía Mawu dɔmenyotɔ la xlɔ̃a nu mí be míagadze Satana ƒe yeaɖi mɔfiadzesi fluameawo yome o. Fifia mina míadzro Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ etɔ̃ bubuwo me. Ne míele ale si Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu be Satana nagakplɔ mí atrae o me dzrom la, míate ŋu anɔ Yehowa kpɔm le susu me abe ɖe wòle mía megbe hele mɔ nyuitɔ si míato la fiam mí ene, le gbɔgblɔm be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yes. 30:21) Ŋugbledede le Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya siwo me kɔ ŋu ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ wo dzi.
Mègadze “Aʋatsonufialawo” Yome O
3, 4. (a) Alekee aʋatsonufialawo le abe vudo si me ƒu kplakplakpla la ene? (b) Zi geɖe la, afi kae aʋatsonufialawo tsona, eye nu ka dim wole?
3 Tsɔe be èle mɔ zɔm to kuɖiɖinyigba aɖe dzi eye tsikɔ le wuwòm vevie. Èkpɔ vudo aɖe le adzɔge ʋĩi ke, eye nèɖo ta afi ma hele mɔ kpɔm be yeakpɔ tsi ano. Gake esi nèɖo vudoa to mlɔeba la, èkpɔe be vudoa me ƒu. Ate ɖe dziwò ŋutɔ! Aʋatsonufialawo le abe vudo siwo me ƒu kplakplakpla ene. Dzi aɖe le ame sia ame si vaa wo gbɔ be yeakpɔ nyateƒea ƒe tsi ano la ƒo vevie. Yehowa to apostolo Paulo kple apostolo Petro dzi xlɔ̃ nu mí tso aʋatsonufialawo ŋu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; 2 Petro 2:1-3.) Ame kawoe nye aʋatsonufiala mawo? Nya siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo eve siawo woŋlɔ la kpe ɖe mía ŋu míede dzesi afi si aʋatsonufialawo tso kple ale si wowɔa nui.
4 Paulo gblɔ na hamemetsitsi siwo nɔ Efeso hamea me be: “Le mia ŋutɔwo dome la, ame aɖewo atsi tsitre, eye woagblɔ nya totrowo.” Esi Petro nɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati Kristotɔwo la, eŋlɔ bena: ‘Aʋatsonufialawo anɔ miawo hã mia dome.’ Eya ta afi kae aʋatsonufialawo tsona? Woate ŋu atsi tsitre tso hamea me. Ame siawo nye xɔsegbelawo.a Nu ka dim wole? Dodo le habɔbɔ si ɖewohĩ wolɔ̃ tsã la me ɖeɖe mesu na wo o. Paulo ɖe eme be woƒe taɖodzinue nye be, “woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.” Edze ƒãa be ‘nusrɔ̃la’ siwo nɔ hamea mee wodi be yewoahe ɖe yewo ɖokuiwo ŋu. Le esi woado aɖawɔ nusrɔ̃lawo na wo ɖokuiwo la, xɔsegbelawo dina be yewoahe Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ɖe yewo ɖokuiwo ŋu. Abe “amegãxi nyanyrawo” ene la, aʋatsonufialawo tsi tsitre be yewoavuvu hamea me tɔ siwo kana ɖe ame dzi la; wodi be yewoagblẽ woƒe xɔse dome ahakplɔ wo atrae tso nyateƒea gbɔ.—Mat. 7:15; 2 Tim. 2:18.
5. Alekee aʋatsonufialawo wɔa nui?
5 Aleke aʋatsonufialawo wɔa nui? Mɔ siwo dzi wotona wɔa nu la ɖea amefuflu ƒe gbɔgbɔ fiana. Xɔsegbelawo tsɔa susu gbegblẽwo “[trana] ɖe eme dzaa.” Abe ale si degbãlawo wɔa nu ene la, xɔsegbelawo wɔa nu le bebeme, eye wotsɔa xɔsegbegbe ƒe nukpɔsusuwo trana ɖe hamea me dzaa. Eye abe ale si ko ameflunuwɔla dzeaɖaŋu aɖe dzea agbagba wɔa agbalẽ aɖe ƒe kantafit ene la, nenema kee xɔsegbelawo hã zãa ‘nya kpakpawo’ alo numeɖeɖe totrowo tsɔ dzea agbagba be yewoana yewoƒe nukpɔsusu totroawo nadze abe nyateƒee wonye ene. Wokakaa “alakpanufiafiawo,” ‘wotrɔa gbo Ŋɔŋlɔawo’ be woasɔ ɖe woƒe nukpɔsusuwo nu. (2 Pet. 2:1, 3, 13; 3:16) Eme kɔ ƒãa be menye míaƒe nyonyo dim xɔsegbelawo le o. Ðeko wo yome dzedze ana míatra ɖa tso mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi.
6. Aɖaŋuɖoɖo si me kɔ kae Biblia na mí ku ɖe aʋatsonufialawo ŋu?
6 Alekee míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta tso aʋatsonufialawo si me? Aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si wòle be míawɔ nu ɖe wo ŋui la me kɔ ƒãa. (Mixlẽ Romatɔwo 16:17; 2 Yohanes 9-11.) Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Miƒo asa na wo.” Biblia bubuwo ɖe nya ma gɔme be “mitrɔ ɖa le wo gbɔ,” “migade ha kpli wo o,” kpakple “mite ɖa le wo ŋu!” Aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me la gɔme sese mesesẽ kura o. Tsɔe be ɖɔkta aɖe gblɔ na wò be nàƒo asa na ame aɖe si ŋu dɔxɔleameŋu wuame aɖe le. Kakaɖedzitɔe la, àse nu si ɖɔktaa wɔnɛ la gɔme, eye àwɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amea dzi pɛpɛpɛ. Le nyateƒe me la, ‘tagbɔdɔ lémee’ xɔsegbelawo le, eye wole didim be yewoato yewoƒe aʋatsonufiafiawo dzi aba dɔa na ame bubuwo. (1 Tim. 6:3, 4) Yehowa, Atikewɔla Gãtɔ la, gblɔ na mí be míagade ha kpli wo o. Míese nya si gblɔm wòle la gɔme nyuie, gake ɖe míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amea dzi le nu sia nu mea?
7, 8. (a) Nu kawoe asaƒoƒo na aʋatsonufialawo lɔ ɖe eme? (b) Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeatsi tsitre sesĩe ɖe aʋatsonufialawo ŋu?
7 Nu kawoe asaƒoƒo na aʋatsonufialawo lɔ ɖe eme? Mele be míaxɔ wo ɖe míaƒe aƒewo me alo ado gbe na wo kura gɔ̃ hã o. Míexlẽa woƒe agbalẽwo, kpɔa televisiondziwɔna siwo doa woƒe nufiafiawo ɖe ŋgɔ, kea ŋku ɖe woƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo me alo ŋlɔa míaƒe susuwo ɖe woƒe nyatakakadzraɖoƒewo o. Nu ka tae míewɔa nu moveviɖoɖotɔe alea ɖo? Lɔlɔ̃ tae. Míelɔ̃ ‘Mawu nyateƒetɔ’ la, eya tae míeléa fu nufiafia totro siwo tsi tsitre ɖe eƒe Nya si nye nyateƒea ŋu la vevie ɖo. (Ps. 31:6; Yoh. 17:17) Míelɔ̃ Yehowa ƒe habɔbɔa hã, elabena eya dzie woto fia nyateƒe dodzidzɔnamewo mí—siwo ƒe ɖewoe nye Yehowa ƒe ŋkɔa kple gɔmesese si le eŋu, tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba la, nɔnɔme si me ame kukuwo le, kpakple tsitretsitsimɔkpɔkpɔa. Àte ŋu aɖo ŋku ale si nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ, esi nèsrɔ̃ nyateƒenya vevi siawo kple bubuwo dzia? Ekema, nu ka tae nàɖe mɔ ame aɖe si mebua habɔbɔ si dzi nèto srɔ̃ nyateƒenya siawo ɖe naneke me o la naƒo ɖi wò susu?—Yoh. 6:66-69.
8 Nya ka kee aʋatsonufialawo ɖagblɔ o, míadze wo yome o! Mele be míatrɔ ɖe vudo siawo, siwo me ƒu kplakplakpla la ŋu o, elabena womate ŋu aɖi kɔ na mí o, ke ɖeko woaɖe dzi le mía ƒo dzodzro. Le esia teƒe la, mina míaɖoe kplikpaa ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔ si tsɔa nyateƒea ƒe tsi dzadzɛ, si faa akɔ na ame, siwo tsoa Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me me la ɖia kɔ na mí ɣeyiɣi didi aɖee nye esia.—Yes. 55:1-3; Mat. 24:45-47.
Mègadze “Gliwo” Yome O
9, 10. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na Timoteo ku ɖe ‘ŋutinya kpakpawo’ ŋu, eye nu kae anya nɔ susu me na Paulo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
9 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be nàkpɔe adze sii be wotrɔ mɔfiadzesi aɖe wòle asi fiam teƒe bubu aɖe be wòakplɔ amewo atrae. Ɣebubuɣiwo la, màte ŋu ade dzesii o. Nenema tututue wòle le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽawo hã gome; ɖewo nya kpɔna dzea sii bɔbɔe, gake ɖewo ya medzena gaglã o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí ku ɖe Satana ƒe ayemɔ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o la ƒe ɖeka ŋu—eyae nye “gliwo [alo ŋutinya kpakpawo].” (Mixlẽ 1 Timoteo 1:3, 4.) Nu kawoe nye ŋutinya kpakpawo, eye alekee míate ŋu aƒo asa na wo? Ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia ale be míate ŋu akpɔtɔ anɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi.
10 Nuxlɔ̃ame si Paulo na ku ɖe ŋutinya kpakpawo ŋu la nɔ lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo, ame si nye Kristotɔ dzikpɔla, si wòde dɔ asi na be wòakpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye ta eye wòakpe ɖe eƒe haxɔsetɔwo ŋu woayi edzi anye nuteƒewɔlawo la me. (1 Tim. 1:18, 19) Paulo zã Helagbe me nya si ate ŋu afia gliwo, nyakpakpawo, alo alakpanyawo. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, nya siawo fia “(subɔsubɔ) ŋuti nya siwo medo ƒome kple nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ o.” (The International Standard Bible Encyclopaedia) Ðewohĩ subɔsubɔ ŋuti alakpanya siwo wotu ɖe gliwo kple xotutuwo dzi, siwo ƒonɛ ɖe amewo nu be woadi be yewoaku wo me akpɔ lae nɔ susu me na Paulo.b Ðeko ŋutinya mawo ‘fɔa biabia manyatalenuwo,’ siwo naa ame wɔa numekuku siwo me viɖe aɖeke mele o la “ɖe te.” Ŋutinya kpakpawo nye ameblela gãtɔ, Satana, ame si zãa subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo kple yakagli makɔmakɔwo tsɔ blea ame siwo mele ɖeke nyam o la, ƒe aɖaŋu vɔ̃wo dometɔ ɖeka. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa me kɔ ƒãa: Megalé to ɖe gliwo ŋu o!
11. Aleke Satana zãa alakpasubɔsubɔhawo aɖaŋutɔe tsɔ blea amewo, eye nuxlɔ̃ame ka dzi wɔwɔe akpe ɖe mía ŋu be woagaflu mí o?
11 Ŋutinya kpakpa siwo ate ŋu akplɔ ame siwo mele ŋudzɔ o la atra dometɔ aɖewo ɖe? Ne míagblɔe gbadzaa la, nyagbɔgblɔ si nye “gliwo” la ate ŋu afia subɔsubɔhawo ƒe alakpanya alo nyakpakpa ɖe sia ɖe si ate ŋu ana ‘míaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋu.’ (2 Tim. 4:3, 4) Satana si wɔa eɖokui “kekeli ƒe dɔla” la zãa alakpasubɔsubɔhawo aɖaŋutɔe tsɔ blea amewo. (2 Kor. 11:14) Kristodukɔa tsɔ Kristotɔnyenye tsyɔ mo hele alakpanufiafiawo, siwo dome Mawuɖekaetɔ̃, dzo mavɔ, kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafia, siwo yɔ fũu kple nyakpakpawo kple alakpanyawo le la fiam. Kristodukɔa doa ŋkekenyuiwo, abe Kristmas kple Easter (Pâques) ene hã ɖe ŋgɔ; ke hã, le nyateƒe me la, xotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ dzie wotu kɔnu siwo wowɔna le azã siawo ɖuɖu me la ɖo, evɔ ame geɖe menya o. Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be míaɖe mía ɖokui ɖa eye ‘míadzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ ŋu’ dzi la, ŋutinya kpakpawo alo gliwo maflu mí o.—2 Kor. 6:14-17.
12, 13. (a) Alakpanya kawoe Satana dona ɖe ŋgɔ, nyateƒe si ku ɖe alakpanya mawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋue nye ka? (b) Nu kae míate ŋu awɔ be Satana ƒe nyakpakpawo nagakplɔ mí atrae o?
12 Satana gadoa alakpanya bubu siwo, ne míekpɔ nyuie o la, ate ŋu aflu mí bɔbɔe la ɖe ŋgɔ. De ŋugble tso eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Gbãtɔe nye: Nu sia nu nyo—eɖanye nyui alo vɔ̃ o. Etso ale si nèsena le ɖokuiwò me tso nua ŋu la gbɔ. Wodoa nukpɔsusu sia ɖe ŋgɔ le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple modzakaɖeɖewo me. Nukpɔsusu totro sia si le amewo si ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu la ƒonɛ ɖe mía nu be míaɖe asi le agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo ŋu. Nyateƒeae nye be míehiã Mawu ƒe mɔfiafia le agbe nyui nɔnɔ gome vevie. (Yer. 10:23) Eveliae nye: Mawu made nu anyigbadzinyawo me o. Ne míeɖe mɔ agbenɔnɔ-na-egbea-ko ƒe gbɔgbɔ sia kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, ate ŋu ana be ‘míava gbɔdzɔ alo ava zu ame matsekuwo.’ (2 Pet. 1:8) Nyateƒeae nye be Yehowa ƒe ŋkeke la le du dzi gbɔna, eye ele be míanɔ mɔ kpɔm nɛ. (Mat. 24:44) Etɔ̃liae nye: Mawu metsɔa ɖeke le eme na wò o. Satana ƒe alakpanya sia dzi xɔxɔ se ate ŋu ana míava nɔ susum be míele ɖeke me o eye be Mawu mate ŋu alɔ̃ mí o. Nyateƒeae nye be Yehowa lɔ̃a eƒe tadeagula vavãwo eye wòdea asixɔxɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.—Mat. 10:29-31.
13 Ele be míanɔ ŋudzɔ, elabena ate ŋu adze abe ɖe susu le nɔnɔme siwo Satana ƒe xexea ɖena fiana kple woƒe nuŋububu me ene. Gake ɖo ŋku edzi be Satanae nye aʋatsokafofo. Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Nya me aɖaŋuɖoɖowo kple ŋkuɖodzinyawo dzi ko dzie míate ŋu ato be Satana ƒe “gli siwo wokpa kple aɖaŋu” la nagakplɔ mí atrae o.—2 Pet. 1:16.
‘Mègadze Satana Yome O’
14. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na ahosi siwo metsi o, eye nu ka tae wòle na mí katã be míawɔ ɖe eƒe nya siawo dzi?
14 Tsɔe be woŋlɔ ɖe mɔfiadzesi aɖe dzi be: “Mɔ Siae Nàto Adze Satana Yome.” Kakaɖedzitɔe la, mía dometɔ aɖeke malɔ̃ ato mɔ ma gbeɖe o! Ke hã, Paulo xlɔ̃ nu mí tso ale si wòate ŋu adzɔ be Kristotɔwo nava ‘trɔ adze Satana yome’ la ŋu. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:11-15.) “Ahosi siwo metsi o” ye Paulo ɖo aɖaŋu sia na, gake gɔmeɖose siwo le eme la sɔ na mí katã. Mava susu me na nyɔnu Kristotɔ gbãtɔ mawo be Satana yomee yewonɔ o, ke hã, woƒe afɔɖeɖewo ɖee fia be nu ma tututu wɔmee wonɔ. Nu kae míate ŋu awɔ be míagadze Satana yome le manyamanya me o? Mina míadzro Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe ameŋugbegblẽ ŋu me kpɔ.
15. Nu kae nye Satana ƒe taɖodzinu, eye aleke Paulo ɖe Satana ƒe ayemɔwo fia?
15 Satana medi be míaƒo nu tso nu siwo dzi míexɔ se la ŋu o—edi be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyui la. (Nyaɖ. 12:17) Be wòate ŋu awɔ esia la, edzea agbagba be yeana míagblẽ míaƒe ɣeyiɣi ɖe nu maɖinuwo kple nu siwo ade mama mía dome la ŋu. De dzesi ale si Paulo ɖe Satana ƒe ayemɔa fiae. Egblɔ be: “Wogbea dɔwɔwɔ hã, nɔa tsatsam.” Le míaƒe ɣeyiɣi sia si me mɔ̃ɖaŋununya de ŋgɔ le me la, ele bɔbɔe be míagblẽ mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe ɣeyiɣi dome yakayaka; le kpɔɖeŋu me, míanɔ nyatakaka siwo mehiã tututu o xlẽm alo anɔ wo ɖom ɖa to Internet dzi, anɔ amewo yɔm le telefon dzi, anɔ nyatakakawo ɖom ɖa to asitelefon dzi alo ado go kple amewo ahanɔ dze ɖom tso nu siwo mehiã o alo nya siwo menye nyateƒe o gɔ̃ hã ŋu. Wonye “amenyagblɔlawo.” Amenyagbɔgblɔ si mesɔ o ate ŋu ana ame nazu ameŋugblẽla, alo amegɔmezɔla, eye zi geɖe la, esia dea dzre amewo dome. (Lod. 26:20) Ameŋugblẽla vɔ̃ɖiwo nya alo womeɖanya o, wole Satana Abosam srɔ̃m.c “Wonɔa nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me.” Menye míaƒe dɔe wònye be míagblɔ ale si ame bubuwo akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔe na wo o. Dɔɖekemakpɔwɔe ƒe nuwɔna mawo katã ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de mía si la dzi. Ne míedzudzɔ dɔ si Yehowa de mía si la wɔwɔ la, ekema míele Satana yome dzem. Evedomesinɔnɔ aɖeke mele nya sia me o.—Mat. 12:30.
16. Aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe akpe ɖe mía ŋu be ‘míagatrɔ adze Satana yome o’?
16 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míagatrɔ adze Satana yome o.’ De ŋugble tso Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo me nunya le la ŋu kpɔ. “Miwɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me ɣesiaɣi.” (1 Kor. 15:58) Veviedodonu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me akpɔ mía ta tso dɔmawɔmawɔ kple nu siwo gblẽa ɣeyiɣi na ame yome titi ƒe afɔkua me. (Mat. 6:33) Gblɔ “nya si nyo hena tutuɖo.” (Ef. 4:29) Ðoe kplikpaa be yemaɖo to ameŋugblẽnyawo o, eye yemakaka wo hã o.d Ka ɖe haxɔsetɔwo dzi eye nàde bubu wo ŋu. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàgblɔ nya siwo tua ame ɖo, ke menye nya siwo ɖea dzi le ame ƒo o. ‘Ðoe wò taɖodzinu be . . . yeakpɔ ye ŋutɔ yeƒe nyawo gbɔ.’ (1 Tes. 4:11) Tsɔ ɖe le eme na ame bubuwo, ke hã, ele be nàwɔe le mɔ siwo aɖee afia be mèdea nu woƒe nya siwo meka wò o me o eye nèdea bubu woawo ŋutɔwo ŋu la nu. Ðo ŋku edzi hã be mele be míanɔ míaƒe nukpɔsusuwo zim ɖe ame bubuwo dzi le nu siwo ŋu wòle be woawo ŋutɔ natso nya me le la ŋu o.—Gal. 6:5.
17. (a) Nu ka tae Yehowa xlɔ̃ nu mí ku ɖe nu siwo yome mele be míadze o ŋu? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le mɔ si Yehowa di be míato la ŋu?
17 Aleke gbegbe míekpɔa dzidzɔe nye esi be Yehowa na míenya nu siwo yome mele be míadze o! Gake mègaŋlɔ be gbeɖe o be lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na mí lae ʋãe wòna nuxlɔ̃ame siwo le nyati sia kple esi do ŋgɔ nɛ me la mí. Edi be yeakpɔ mía ta tso nɔnɔme wɔnublanui kple vevesese siwo dona tso Satana ƒe ‘mɔfiadzesi’ fluamewo yome dzedze me la me. Mɔ si Yehowa adi be míato la anya xaxa ya, gake ekplɔa ame yia teƒe nyuitɔ kekeake, si nye agbe mavɔ me. (Mat. 7:14) Neva eme be ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame si nye, “Mɔ la enye si, mito edzi” dzi la me nagagbɔdzɔ gbeɖe o!—Yes. 30:21.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a ‘Xɔsegbegbe’ fia be woate ɖa tso tadedeagu vavãtɔ gbɔ; efia nugbegbe le egbɔ, dodo le eme aɖaɖo ha bubu me, egbegblẽɖi, aglãdzedze ɖe eŋu.
b Le kpɔɖeŋu me, Tobias ƒe apokrifa gbalẽ si wòŋlɔ le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me lɔƒo, si nɔ anyi va se ɖe Paulo ƒe ŋkekeawo me la me yɔ fũu kple aʋatsodzixɔsewo kpakple gli siwo me susu aɖeke mele o, siwo ku ɖe afakaka kple adzewɔwɔ ŋu, eye woɖɔ wo abe nyateƒee wonye ene.—Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 122 (Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 135).
c Helagbe me nya si gɔme woɖe be Abosam lae nye di·aʹbo·los, si gɔmee nye “amegɔmezɔla.” Wozã nya ma abe Satana, ameŋugblẽla gãtɔ la, ƒe dzesideŋkɔ bubu ene.—Yoh. 8:44; Nyaɖ. 12:9, 10.
d Kpɔ aɖaka si nye “Kaka Xefuwo Ðe Yame.”
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
Aleke nàte ŋu awɔ nuxlɔ̃ame siwo dze le mawunyakpukpui siwo gbɔna me la ŋu dɔ?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 19]
Kaka Xefuwo Ðe Yame
Gli xoxo aɖe si Yudatɔwo tona la ɖɔ nu si dona tso ameŋugblẽnyawo kaka me. Togbɔ be woto glia le mɔ vovowo nu hã la, emenyawo gbɔgblɔ kpuie nye esi gbɔna.
Ame aɖe nɔ tsatsam le dua me henɔ dua me nunyala aɖe ŋu gblẽm. Emegbe, ameŋugblẽla la va de dzesi eƒe vodada eye wòyi nunyalaa gbɔ ɖabia tsɔtsɔke, eye wògblɔ be yele klalo be yeawɔ nu sia nu si hiã be yeaɖɔ nɔnɔmea ɖo. Nu ɖeka aɖe koe nunyala ma bia: Egblɔ na ameŋugblẽla la be wòayi aɖatsɔ kotoku aɖe si xefuwo yɔ la, wòatso enu eye wòakaka xefuawo ɖe yame. Togbɔ be nu si wòbia tso ameŋugblẽlaa si wɔ nuku nɛ hã la, ewɔ ɖe edzi eye wòtrɔ gbɔ va nunyala la gbɔ.
Ebia be: “Ètsɔ nye nu vɔ̃wo kem azɔa?”
Eɖo ŋu nɛ be: “Yi nàɖafɔ xefuawo katã vae gbã.”
Egblɔ be: “Gake esia manya wɔ o ɖe! Ya ƒo wo katã dzoe xoxoe.”
Eɖo ŋu nɛ be: “Ale si wòsesẽ be nàgafɔ xefuawo katã aƒo ƒui la, nenema tututue wòsesẽ be nàɖɔ nu siwo wò ameŋunyagbɔgblɔ gblẽ la ɖo.”
Nufiame la dze ƒãa. Míagate ŋu atrɔ nya aɖe si míegblɔ xoxo la o, eye ate ŋu adzɔ be manya wɔ be míaɖɔ nu siwo wògblẽ le amewo ŋu la ɖo o. Eya ta hafi míakaka ame aɖe ŋu nya la, nunya anɔ eme be míaɖo ŋku edzi be, le nyateƒe me la, míele xefuwo kaka ge ɖe yame.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Aleke ame aɖewo ate ŋu akpe xɔsegbelawo ava wo ƒe me?