Amewo ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo To Nyaƒoɖeamenu Aɖaŋutɔe Me
“NYAƑOÐEAMENU” ɖia nya vɔ̃ na ame geɖe. Ena ame ƒe susu yia nudzrala nuziɖeamedzila alo boblodonya si ŋu wotrɔ asi le be wòaflu nuƒlela dzi. Le Biblia me gɔ̃ hã la, nyaƒoɖeamenu fiaa nu manyomanyo ɣeaɖewoɣi, efiaa amedomegbegblẽ alo amefuflu. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ na Galatiatɔwo be: “Mieƒu du nyuie! Ameka xe mɔ na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa? Nyaƒoɖeamenu sia metso amesi yɔ mi la gbɔ o.” (Galatiatɔwo 5:7, 8) Paulo xlɔ̃ nu Kolosetɔwo hã be woakpɔ nyuie be ame aɖeke ‘nagaƒo nya ɖe wo nu able wo o.’ (Kolosetɔwo 2:4) Numeɖeɖe siwo ŋu woɖe ami ɖo eye wotu ɖe alakpanyawo dzie wozãna le nyaƒoɖeamenu mawo me.
Gake le apostolo Paulo ƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Timoteo me la, ezã nyaƒoɖeamenu le gɔmesese bubu nu. Eŋlɔ be: “Ke wò la nɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye [woƒo ɖe nuwò, NW] nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le.” (Timoteo II, 3:14) Esi Timoteo dadaa kple mamaa, amesiwo gbɔ wòsrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea le la ‘ƒo nya ɖe enu wòxɔ se’ la, menye ɖe wonɔ enu blem o.—Timoteo II, 1:5.a
Esime wosika Paulo ɖe aƒeme le Roma la, eɖi ɖase tsitotsito na ame geɖe, “eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.” (Dɔwɔwɔwo 28:23) Ðe Paulo nɔ eƒe nyaselawo blema? Kura o! Ke eme kɔ be menye ɣesiaɣie nyaƒoɖeamenu nyea nu gbegblẽ o.
Ne wozã Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ƒo nya ɖe ame nu” le susu nyuitɔ nu la, egɔmesese ŋutɔŋutɔe nye be woakɔ nu me na ame, woato numeɖeɖe si gɔme nya se eye susu le eme dzi atrɔ ame ƒe susu. Eyata nufiala ate ŋu atu nya ɖe nusi amewo nya le Ŋɔŋlɔawo me xoxo dzi, azã nyaƒoɖeamenu ana woaka ɖe Biblia ƒe nyateƒea dzi. (Timoteo II, 2:15) Le nyateƒe me la, nusia ɖe dzesi le Paulo ƒe subɔsubɔdɔ ŋu. Demetrio klosalonutula la gɔ̃ hã, amesi bu Kristotɔwo ƒe nufiafiawo alakpanyawoe de dzesii be: “Menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.”—Dɔwɔwɔwo 19:26.
Nyaƒoƒo ɖe Amewo Nu le Gbeadzi
Yesu Kristo de se na eyomedzelawo be: “Eyata miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi. Eye, kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19, 20, NW) Yehowa Ðasefowo le sedede sia dzi wɔm le anyigba 230 kple edzivɔ dzi. Ɣleti sia ɣleti le woƒe ƒe 1997 subɔsubɔƒea me la, wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 4,552,589 le mamã dedie nu le xexeame godoo.
Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàwɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ la, àte ŋu akpɔ mɔ na nɔnɔme sesẽ si abia be nàzã nyaƒoɖeamenu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be esi miegava do go na nusɔsrɔ̃wɔwɔ la, wobia nya tso Mawuɖekaetɔ̃ ŋu. Nukae nàwɔ ne ènya be wò nusrɔ̃via xɔ nufiafia sia dzi se? Àte ŋu atsɔ agbalẽ si dzro nyati sia me nɛ. Ne exlẽe vɔ la, àkpɔe be woƒoe ɖe enu wòkpɔe be Mawu kple Yesu womenye ame ɖeka o. Gake ne wògabia nya bubuwo ɖe, aleke nàɖo wo ŋui?
Ðo to nyuie. Nusia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nànya nyatia ƒe akpa siwo dzi nusrɔ̃viwòa xɔ se xoxo. Le kpɔɖeŋu me ne nusrɔ̃viwòa gblɔ be, “Mexɔ Mawuɖekaetɔ̃ la dzi se” la, àte ŋu adze egɔme enumake azã Ŋɔŋlɔ aɖewo atsɔ aɖe eme be nufiafia sia nye aʋatso. Gake Mawuɖekaetɔ̃ ŋuti dzixɔse vovovowo li. Ðewohĩ nusi dzi nusrɔ̃viwòa xɔ se to vo na alesi nàɖe Mawuɖekaetɔ̃ gɔmee. Nenemae wòle le dzixɔse aɖewo abe gbugbɔgadzɔ, luʋɔmakumaku, kple ɖeɖekpɔkpɔ gome. Eyata ɖo to nyuie hafi nàƒo nu. Mègasusu be ale kple alee nusrɔ̃via xɔ se o.—Lododowo 18:13.
Bia nya. Biabia aɖewo ate ŋu anye: ‘Ðe nèxɔ Mawuɖekaetɔ̃a dzi se xoxoxoa? Èku nu me tsitotsito le nusi Biblia gblɔ le nyati sia ŋu kpɔa? Ne Mawu ɖe wònye mawuɖekaetɔ̃a ƒe akpa aɖe la, ɖe eƒe Nya, Biblia, magblɔe na mí tẽ eme nakɔ oa?’ Ne èle nu fiam nusrɔ̃via la, ne ewɔ sẽ nàtɔ abiae nyawo abe esiawo ene: ‘Ðe nusiwo me míedzro va ɖo fifia me kɔ na wòa?’ ‘Èda asi ɖe numeɖeɖe sia dzia?’ Ne èbiaa nya aɖaŋutɔe la, àna nusrɔ̃via nanɔ eƒe susu zãm le nusɔsrɔ̃a me. Meganɔ anyi ko anɔ to ɖom nànɔ nyatia me ɖem nɛ o.
Do susu siwo me kɔ ɖa. Ne miele Mawuɖekaetɔ̃ nufiafiaa me dzrom la, àte ŋu agblɔ na nusrɔ̃via be: ‘Esime wonɔ Yesu nyrɔm la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.” Ne Mawue va anyigba dzi nyateƒe eye wole enyrɔm la, ɖe wòate ŋu aƒo nu ɖo ɖe dziƒo bene woase nyaawo le anyigba dzia? Ðe manye amefuflu oa? Ðe Mawu, “amesi [mekaa] aʋatso o” la, awɔ ameflunu ma?’—Luka 3:21, 22; Tito 1:1, 2.
Zi geɖe ne wodo susu siwo me kɔ ɖa le ŋuɖɔɖɔɖo me la, etsea ku. De ŋugble le nyɔnu aɖe si míayɔ be Barbara ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Exɔe se tso eƒe ɖevime ke be Yesu nye Mawu eye enye mawuɖekaetɔ̃ si me gbɔgbɔ kɔkɔea le la ƒe akpa aɖe. Gake Yehowa Ðasefo aɖe va gblɔ nɛ be Mawu kple Yesu wonye ame vovovo eve, eye wòxlẽ ŋɔŋlɔwo tsɔ ɖo kpe nya sia dzi nɛ.b Barbara mete ŋu gblɔ be Biblia da alakpa o. Azɔ hã etɔtɔ. Elabena meƒoa asi Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la o.
Ðasefoa gbɔ dzi ɖi ɖe nu me na Barbara. Ðasefoa biae be: “Ne èdi be yeafiam be ame eve wosɔ la, ƒometɔwo dome kadodo kae nàzã atsɔ awɔ kpɔɖeŋui?” Ebu tame sẽ heɖo eŋu be: “Mazã dadavi eve.” Ðasefoa gblɔ be: “Nenema tututue. Ðewohĩ àzã venɔviwo gɔ̃ hã. Gake esi Yesu nɔ mía fiam be míabu Mawu be enye Fofo la eye yee nye Vi la la, nuka fiam wòle?” Barbara dro ŋku gblɔ be: “Mekpɔe azɔ. Ele fiafiam be ame ɖeka nye xoxotɔ eye ŋusẽ le esi wu.”
Ðasefoa ɖo eŋu be: “Nenemae, eye vevietɔ Yesu ƒe nyasela Yudatɔ, siwo ƒe nutowo nyea ƒomeƒomewo ƒe ƒuƒoƒo la ase egɔme nenema.” Ðasefoa te gbe ɖe eƒe nyaa dzi hewu enu be: “Ne míawo míete ŋu wɔ kpɔɖeŋu nyui sia tɔgbe tsɔ fia alesi ame eve sɔ kple wo nɔewoe—si nye dadaviwo alo venɔviwo ƒe kpɔɖeŋu—la, ke Yesu, Nufiala Gã la hã awɔe nenema godoo. Gake eya zã nya ‘fofo’ kple ‘vi’ tsɔ fia ƒomedodo si le eya kple Mawu domee.”
Barbara va se nya la gɔme mlɔeba, eye wòlɔ ɖe edzi. Woƒo nya ɖe enu tsɔ ɖo eƒe dzi gbɔ.
Nuwɔwɔ Ðe Seselelãmewo Nu
Zi geɖe la, seselelãme dzena le subɔsubɔdzixɔse siwo ƒo ke ɖe amewo me la me. De ŋugble le Edna si nye Katolikotɔ veviedonula ŋu kpɔ. Mamaayɔvi siwo nye ŋutsuvi ƒewuivi eve zã kpeɖodzinya siwo me kɔ tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ fiae be Mawu kple Yesu mesɔ o. Edna se nusi wogblɔ nɛ gɔme. Ke hã ekɔ dzime gblɔ kã be: “Mexɔ Mawuɖekaetɔ̃ kɔkɔe la dzi se.”
Ðewohĩ èkpɔ nusia tɔgbe teƒe kpɔ. Ame geɖe bua woƒe ha ƒe nufiafiawo abe woƒe amenyenye ƒe akpa aɖe ene. Nyaƒoƒo ɖe Biblia-nusrɔ̃vi siawo nu bia nu geɖe wu nyalélekpɔ dzro ko alo ŋɔŋlɔ gbogbo aɖewo zazã atsɔ afia be amea ƒe nukpɔsusu mesɔ o. Nusi awɔ dɔ nyuie wu le nɔnɔme siawo mee nye be woafa na amea hafi azã nyaƒoɖeamenu. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 12:15; Kolosetɔwo 3:12.) Ele eme baa be ele be kakaɖedzi blibo nanɔ nufiala la si. Le kpɔɖeŋu me, Paulo zã nyagbe aɖewo abe “menyae keŋ” kple “menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me” ene. (Romatɔwo 8:38; 14:14) Gake ne míele míaƒe kakaɖedzinyawo gblɔm la, mele be míanye tɔteɖenudzilawo, awɔ abe míawoe nyo wu ene, alo agblɔ alɔmeɖenyawo alo ada ame ɖe anyi le Biblia ƒe nyateƒeawo gbɔgblɔ me o. Míedi kura be míawɔ naneke wòaɖe fu na nusrɔ̃via alo adzui o.—Lododowo 12:18.
Ne míede bubu nusiwo nusrɔ̃via xɔ se ŋu eye míese egɔme be ekpɔ mɔ dzixɔsewo nanɔ esi la, eɖea vi geɖe wu. Ðokuibɔbɔe nye nu vevitɔ. Nufiala si bɔbɔa eɖokui la mewɔa susu be godogodo la yele ŋgɔ na yeƒe nusrɔ̃via o. (Luka 18:9-14; Filipitɔwo 2:3, 4) Mawumeme ƒoa nya ɖe ame nu le ɖokuibɔbɔ me, eye susu si wòtsɔ wɔnɛ enye be: ‘Yehowa ve nunye medze si nusia. Na magblɔe na wò hã.’
Paulo ŋlɔ na ehati Kristotɔ siwo nɔ Korinto be: “Míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me—esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye míeɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo.” (Korintotɔwo II, 10:4, 5) Egbea Yehowa Ðasefowo le Mawu ƒe Nya zãm tsɔ le alakpanufiafia siwo ƒo ke ɖe amewo me kpakple nuwɔna kple nɔnɔme siwo tsi amewo si gake womedzea Mawu ŋu o la ɖem ɖa. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Esi Ðasefowo le nusia wɔm la, woɖoa ŋku edzi be Yehowa le dzi gbɔm ɖe anyi lɔlɔ̃tɔe na yewo. Aleke gbegbe dzi dzɔa woe nye si be eƒe Nya, Biblia, le yewo si, eye be yewole dɔwɔnu sẽŋu sia zãm tsɔ le alakpanufiafiawo hom hele amewo ƒe dzi gbɔ ɖom to nyaƒoɖeamenu me!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Eunike kple Loide—Nufiala Siwo Ðo Kpɔɖeŋu Nyui,” si le Gbetakpɔxɔ sia ƒe axa 7-9.
b Kpɔ Yohanes 14:28; Filipitɔwo 2:5, 6; Kolosetɔwo 1:13-15. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, si talawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.
[Aɖaka si le axa 23]
Wò Nusrɔ̃via Ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo
◻ Do gbe ɖa be Yehowa nafia mɔ ye yeaɖo Biblia-nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ.—Nexemya 2:4, 5; Yesaya 50:4.
◻ Nya nusi nusrɔ̃via xɔ se eye nànya nusita alakpadzixɔse ma dze eŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:22, 23.
◻ Nɔ te ɖe nusi mi katã mienya dzi nàtsɔ dɔmefafa kple dzigbɔɖi azã Ŋɔŋlɔawo aɖe nu me susu nanɔ eme.—Dɔwɔwɔwo 17:24-34.
◻ Ne anya wɔ la, zã kpɔɖeŋu nyuiwo bene Biblia ƒe nyateƒeawo me nakɔ ɖe edzi.—Marko 4:33, 34.
◻ Na nusrɔ̃via nanya vi si wòaɖe nɛ ne Biblia ƒe sidzedze vavãtɔ su esi.—Timoteo I, 2:3, 4; Timoteo II, 3:14, 15.