Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ
Ale Si Míadze Kristo Yomee
Ne amewo xɔ Yesu dzi se la, egblɔna na wo zi geɖe be: “Dze yonyeme.” (Mateo 9:9; 19:21) Nu kae wòfia be woanye Yesu yomedzela alo Kristotɔ? De ŋugble tso nyabiabia vevi etɔ̃ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu kpɔ.
Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe ame bubuwo ŋui?
▪ Ele be Yesu yomedzela nawɔ ɖe eƒe mɔfiame siwo ku ɖe ale si wòle be woawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋui la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” Ke ne ame aɖe dze agɔ le dziwò ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Dzra mia kplii dome ɖo kaba.” Egblɔ na eyomedzelawo hã be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.”—Mateo 5:25; 6:15; 7:12.
Yesu ɖo aɖaŋu sia na srɔ̃tɔwo be: “Miese be wogblɔ be, ‘Mele be nàwɔ ahasi o.’ Gake nye ya mele egblɔm na mi be, ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” Kristotɔ vavãtɔ ɖea mɔ Yesu ƒe nufiafiawo kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe susu kple dzi siaa dzi.—Mateo 5:27, 28.
Kristotɔ vavãwo tsɔa wo ɖokui saa vɔe be woate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Yesu ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme fia. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu kple eƒe apostoloawo zɔ mɔ yi ɖaɖe gbeƒã eye ɖeɖi te wo ŋu la, womekpɔ asinu ne woaɖu nu kura gɔ̃ hã o. Eya ta Yesu kplɔ wo woɖo tɔdziʋu be yewoayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o ne yewoaɖi ɖe eme. Gake amewo nya afi si wòyina eye woƒu du tre afi ma ɖoɖo nɛ. Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi wòɖi go la, ekpɔ ameha gã aɖe, gake woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wonɔ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene. Eye wòte nu geɖewo fiafia wo.” (Marko 6:30-34) Àte ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua to Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ me, togbɔ be nanewo ado kplamatsɛ wò hã.
Nu ka tae wòle be nàɖe gbeƒã nya nyuia na amewo?
▪ Yesu na hehe eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Egblɔ na apostoloawo be: “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’” (Mateo 10:7) Asixɔxɔ gã aɖe le gbedeasi si Yesu tsɔ de eyomedzelawo si ŋu. Yesu do gbe ɖa be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la . . . ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.
Yesu gblɔ dɔ aɖe ŋu nya ɖi, si eyomedzela miliɔn geɖewo awɔ. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Ne èsrɔ̃ nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu hexɔ nu siwo Biblia gblɔ dzi se la, ekema ɖikeke mele eme o be àtsɔ dzidzɔ agblɔ nu siwo nèsrɔ̃ la na ame bubuwo. Le Yesu yomedzela geɖewo gome la, woƒe ƒometɔwoe wotea gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na gbã.—Yohanes 1:40, 41.
Nu ka ta wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ?
▪ Anɔ eme be esi wonyrɔ Yesu le Yordan tɔsisia me la, egblɔ le gbedodoɖa me be: ‘Meva ɖo be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, Oo Mawu.’ (Hebritɔwo 10:7) Ne èdi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ele be wò hã nàxɔ nyɔnyrɔ. Yesu de se sia be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.”—Mateo 28:19.
Agbanɔamedzi kawoe nyɔnyrɔxɔxɔ dana ɖe ame dzi, eye viɖe kawoe wòhena vanɛ? Yesu yomedzela siwo xɔ nyɔnyrɔ la subɔa Mawu tso luʋɔ blibo me. Yesu yɔ nya tso Mawu ƒe Sea me gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo.” (Mateo 22:37) Egblɔ hã be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ.” (Mateo 16:24) Nyɔnyrɔxɔxɔe ame tsɔna ɖoa kpe nyametsotso si wòwɔ be yeagbe nu le ye ɖokui gbɔ ahazu Mawu tɔ la dzi. Ame siwo va le ƒomedodo tɔxɛ sia me kple Mawu ate ŋu abiae be wòana dzitsinya dzadzɛ yewo.—1 Petro 3:21.
Kpɔ agbalẽ sia si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 18 lia hena nyatakaka bubuwo.